INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 4/1 axa 3-4
  • Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Ka Tae Wònyo Be Nàdzro Biblia Me?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Biblia-Sɔsrɔ̃ Ƒe Ðoɖo Si Nyo Na Ame Sia Ame
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nufiafia Vavãtɔ Siwo Dzea Mawu Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Agbalẽ Kae Biblia Nye?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 4/1 axa 3-4
Ŋutsu aɖe le Biblia xlẽm le agbalẽdzraɖoƒe si le woƒe nutoa me

NYATI SI LE AKPAA DZI

Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia?

  • Tameɖoɖo kae le agbe ŋu?

  • Nu ka tae amewo kpea fu hekuna?

  • Aleke etsɔme anɔ?

  • Ðe Mawu tsɔa ɖe le eme nama?

Ðe nèbia nya siawo tɔgbi ɖokuiwò kpɔa? Ne nenemae la, ke nyae be menye wò ɖeka koe o. Le xexea me godoo la, amewo bua agbemebiabia vevi mawo ŋu. Ðe nàte ŋu akpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase mawoa?

Ame miliɔn geɖe aɖo eŋu be, “Ɛ̃!” Nu ka tae? Nu si tae nye be, woke ɖe nyabiase mawo ƒe ŋuɖoɖo siwo na woƒe dzi dze eme la ŋu le Biblia me. Àdi be yeanya ale si Biblia ɖo nya mawo ŋua? Ne èdii la, ɖewohĩ ado dzidzɔ na wò be Yehowa Ðasefowo nava srɔ̃ Biblia kpli wò, eye womaxɔ ga aɖeke le asiwò o.a

Enye nyateƒe be, ne wobia ame aɖewo be woadi be yewoasrɔ̃ Biblia hã la, wogblɔna be: “Vovo mele ŋunye o.” “Egɔmesese sesẽ ŋutɔ.” “Nu ɖeka wɔwɔ ɖaa, ɖe wòtiam.” Gake ame aɖewo ya to vovo. Wodina vevie be yewoanya nu si Biblia fia. Kpɔ nya si wo dometɔ aɖewo gblɔ ɖa:

  • “Mede Katolikotɔwo kple Protestanttɔwo ƒe sɔleme, mede Sikhtɔwo ƒe gbedoxɔ kple Buddhatɔwo ƒe saɖeagaxɔ me, eye mesrɔ̃ mawuŋutinunya hã le yunivɛsiti. Ke hã, nyemekpɔ ŋuɖoɖo na nye biabia siwo ku ɖe Mawu ŋu la o. Gbe ɖeka, Yehowa Ðasefo aɖe va nye aƒe me. Ale si wòtsɔ Biblia ɖo nye biabiawo ŋu la wɔ nuku nam, eye melɔ̃ be wòasrɔ̃ Biblia kplim.”​—Gill, si tso England.

  • “Agbemebiabia geɖewo nɔ asinye, gake ale si míaƒe osɔfo ɖo wo ŋu nam la medze ŋunye o. Ke hã, Biblia ɖeɖe koe Yehowa Ðasefo aɖe zã tsɔ ɖo nye biabiawo ŋu nam. Esi wòbiam be ɖe madi be magasrɔ̃ nu bubuwo akpee hã la, melɔ̃ enumake.”​—Koffi, si tso Benin.

  • “Medina be manya nɔnɔme si me ame kukuwo le. Mexɔe se be ame kukuwo ate ŋu awɔ nu vevi agbagbeawo, gake medi be manya nya si Biblia gblɔ. Eya ta melɔ̃ Ðasefo aɖe si nye xɔ̃nye la dze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme kplim.”​—José, si tso Brazil.

  • “Medzea agbagba xlẽa Biblia gake nyemesea egɔme o. Gbe ɖeka, Yehowa Ðasefowo va nye aƒe me, eye woɖe Biblia me nyagblɔɖi vovovowo me nyuie. Esia ta medi be magasrɔ̃ nu bubuwo.”​—Dennize, si tso Mexico.

  • “Mebiaa ɖokuinye be ɖe Mawu tsɔa ɖe le eme nam vavã hã. Eya ta meɖoe koŋ do gbe ɖa na Mawu si gbɔe Biblia tso. Le ŋufɔke la, Yehowa Ðasefowo va ƒo ʋɔ nam, eye melɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kplim.”​—Anju, si tso Nepal.

Nya siawo na míeɖo ŋku nya si Yesu gblɔ be, “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo” la dzi. (Mateo 5:3) Ɛ̃, le dzɔdzɔme nu la, amegbetɔwo dina be yewoanya Mawu. Mawu koe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le go sia me, eye ewɔa esia to eƒe Nya, Biblia dzi.

Ke nu kae Biblia-sɔsrɔ̃ abia tso asiwò? Aleke wòate ŋu aɖe vi na wòe? Míaɖo biabia siawo ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.

a Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.

BIBLE ŊUTI NYATAKAKA VEVIWO

Biblia si le ʋuʋu ɖi
  • EŊKƆ: Eŋkɔ tso Helagbe me nya si nye bi·bliʹa me, eye egɔmee nye “agbalẽ suewo”

  • EMENYAWO: Woŋlɔ eƒe agbalẽ 39 ɖe Hebrigbe me (woƒe akpa aɖewo nɔ Aramgbe me), eye woŋlɔ eƒe agbalẽ 27 ɖe Helagbe me

  • EŊƆŊLƆ: Ame siwo ade 40 ye ŋlɔe le ƒe siwo wu 1,600 me, tso ƒe 1513 D.Y. va ɖo ƒe 98 K.Ŋ. me lɔƒob

  • GBEGBƆGBLƆ SIWO ME WÒLE: Woɖe ye katã alo eƒe akpa aɖewo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 2,500 sɔŋ me

  • EMAMA: Akɔntabubu ɖee fia be woma Biblia biliɔn atɔ̃ sɔŋ, si wɔe be wònye agbalẽ si woma le xexea me wu ɖe sia ɖe

b Ŋɔŋlɔdzesi siwo nye D.Y. gɔmee nye “Do Ŋgɔ Na Yesu,” eye esiwo nye K.Ŋ. gɔmee nye “Kristotɔwo Ŋɔli.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe