Emenyawo
October 15, 2013
© 2013 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania.
TATA SI MÍESRƆ̃NA
DECEMBER 2-8, 2013
Nuwɔwɔwo Ðea Mawu Gbagbe La Fiana
AXA 7 • HADZIDZI: 110, 15
DECEMBER 9-15, 2013
“Miwɔ Dɔ Na Yehowa Abe Kluviwo Ene”
AXA 12 • HADZIDZI: 62, 84
DECEMBER 16-22, 2013
Tso Gbedodoɖa Si Ŋu Wodzra Ðo Ðo Nyuie Me
AXA 21 • HADZIDZI: 68, 6
DECEMBER 23-29, 2013
Nɔ Agbe Ðe Yesu Ƒe Gbedodoɖa La Nu
AXA 26 • HADZIDZI: 57, 56
NUSƆSRƆ̃NYATIAWO
▪ Nuwɔwɔwo Ðea Mawu Gbagbe La Fiana
Mawu si míekpɔna o ye wɔ xexe si míekpɔna la. Èxɔ nya sia dzi se bliboea? Menye amewo katãe xɔe se o. Aleke míawɔ akpe ɖe amewo ŋu woanya ame si tututu Wɔlaa nye eye ale si míexɔ eyama dzi se me nasẽ ɖe edzi? Nyati sia dzro nya siawo me.
▪ “Miwɔ Dɔ Na Yehowa Abe Kluviwo Ene”
Woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be woawɔ dɔ na Yehowa abe kluviwo ene. Nyati sia fia ɖoɖo si wowɔ le Mose ƒe Sea me na kluviwo, nu si míawɔ be míaganye Satana kple eƒe xexea ƒe ameblenuwo ƒe kluviwo o, kple ale si woɖoa eteƒe na ame siwo subɔa Mawu nuteƒewɔwɔtɔe la mí.
▪ Nusɔsrɔ̃ Tso Gbedodoɖa Si Ŋu Wodzra Ðo Ðo Nyuie Me
▪ Nɔ Agbe Ðe Yesu Ƒe Gbedodoɖa La Nu
Ne míedea ŋugble le Mawu ƒe Nyaa ŋu gbe sia gbe la, míaƒe gbedodoɖawo aganyo ɖe edzi. Le nyati gbãtɔ me la, míakpɔ nya sia ƒe nyateƒenyenye le gbe si Lewi viwo do ɖa ɖe Mawu ƒe amewo ta me. Nyati evelia fia ale si míate ŋu anɔ agbe ɖe Yesu ƒe gbedodoɖa wɔdɔɖeamedzi aɖe nu mí. Gbedodoɖa eveawo siaa nye kpɔɖeŋu na mí be míado gbe ɖa tso Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ŋu hafi abia míawo ŋutɔ ƒe nuhiahiãwo.
AKPAA DZI: Gbeƒãɖela aɖe le ɖase ɖim le Panajachel, si nye du sue aɖe si le Atitlan Ta la to. Yehowa Ðasefo siwo le Guatemala ɖea gbeƒã nya nyuia le Spaingbe kple afi ma tɔwo degbe 11 bubuwo me
GUATEMALA
DUKƆA ME TƆWO ƑE XEXLẼME:
15,169,000
GBEƑÃÐELAWO:
34,693
BIBLIA NUSƆSRƆ̃:
47,606