NYATI SI LE AKPAA DZI | NE MÍEKU KO EVƆA?
Ale Si Ku Venae
Nuƒoƒo tso ku ŋu ɖea fu na ame geɖe. Esia tae ame aɖewo medina be yewoaƒo nu tso eŋu o. Gake ku ava tu mí godoo gbe ɖeka. Eye veve si ku dona na ame la yia ememe ke eye wògbãa dzi na ame ŋutɔ.
Míate ŋu awɔ naneke atsɔ adzra ɖo ɖe vevesese si gbegbe ku dona na ame ŋu do ŋgɔ o, elabena ne ame dzila, alo ame srɔ̃, alo vi ku na ame la, egbãa dzi na ame ŋutɔ. Ku ate ŋu adzɔ kpata alo amea akpe fu ɣeyiɣi didi aɖe hafi aku. Aleke kee wòɖadzɔe o, míate ŋu asi le vevesese si ku dona na ame nu o, eye ne kua nya dzɔ ko la, etea ŋu gblẽa nu geɖe.
Antonio, si fofo ku le ʋufɔku aɖe me la gblɔ be: “Ele ko abe ɖe ame aɖe va do wò aƒea ƒe ʋɔwo hetsɔ safuiawo dzoe ene. Màgate ŋu age ɖe wò aƒe me kura o. Susu me koe nàgate ŋu akpɔ ale si wò aƒe me nɔ la le. Aleae wònɔna. Togbɔ be màdi be yealɔ̃ ɖe edzi o, le esi nèse le ɖokuiwò me be mele be wòadzɔ alea o ta hã la, naneke meli nàte ŋu awɔ o.”
Nu sia tɔgbie dzɔ ɖe Dorothy hã dzi. Esime wòxɔ ƒe 47 eye srɔ̃a ku kpata la, edi godoo be yeanya nu si dzɔna le ku megbe. Esi Dorothy nye Anglikan-haa ƒe Kwasiɖagbesuku nufiala ta la, efiaa nu be kukuawo ganɔa agbe le ku megbe. Ke hã eya ŋutɔ menya nu si tututu dzɔna le ku megbe o. Eya ta ebia woƒe nunɔlaa be: “Nu kae dzɔna ɖe ame siwo ku la dzi?” Eɖo eŋu nɛ be: “Le nyateƒe me la, ame aɖeke manya o. Ðeko wòle be míalala anɔ ŋgɔgbea kpɔm ɖa.”
Nyateƒee wònye be naneke meli míawɔ wu be “míalala anɔ ŋgɔgbea kpɔm ɖa” oa? Ðe mɔ aɖe li si dzi míato anya nu si tututu dzɔna ɖe ame dzi ne ekua?