INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 8/1 axa 3-4
  • Nu Kae Dzɔna Ðe Ame Dzi Ne Eku?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kae Dzɔna Ðe Ame Dzi Ne Eku?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nɔnɔme ka mee ame kukuwo le?
  • Nuka Tututue Nye Hell?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Tsitretsitsi Li!
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Kukuawo Agagbɔ Agbe!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Mɔkpɔkpɔ Vavã si Li na Wò Ame Vevi Siwo Ku
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 8/1 axa 3-4

NYATI SI LE AKPAA DZI | AGBENƆNƆ LE KU MEGBE ÐE WÒANYA WƆA?

Nu Kae Dzɔna Ðe Ame Dzi Ne Eku?

Ame tsitsiwo kple ɖeviwo tɔ ɖe amekukuɖaka aɖe gbɔ le ameɖiƒe

“Mesusuna be ne ame ku la, teƒe etɔ̃ siawo dometɔ ɖekae wòyina: dziƒo, dzo mavɔ me, alo ŋutiklɔdzo me. Menya be menye ame dzɔdzɔe ye menye ne mayi dziƒo o, eye nyemevɔ̃ɖi hã nenema gbegbe be mayi dzo mavɔ me o. Nyemenya nu si tututu ŋutiklɔdzo nye o. Nyemekpɔe le Biblia ƒe afi aɖeke o. Amewo koe ƒoa nu tso eŋu mesena.”—Lionel.

“Wofiam be amewo katã yia dziƒo le ku megbe, gake nyemeka ɖe edzi tututu o. Mesusu be ku nye agbe ƒe nuwuwu—mexɔe se be etsɔme nyui aɖeke meli na kukuawo o.”—Fernando.

Ðe nèbia nya siawo ɖokuiwò kpɔa? ‘Nu ka tututue dzɔna le ku me? Ðe míaƒe ame vevi siwo ku la le fu kpem le afi aɖea? Ðe míagava kpɔ wo akea? Aleke míawɔ anya?’ Míeɖe kuku, xlẽ nu tso nu si tututu Biblia fia ŋu. Gake gbã, na míakpɔ nu si Biblia gblɔ be ku nye. Eyome míadzro mɔkpɔkpɔ si li na kukuawo, si ŋu Mawu ƒe Nya, Biblia, ƒo nu tsoe la me.

Nɔnɔme ka mee ame kukuwo le?

ALE SI BIBLIA ÐO EŊUI: “Agbagbeawo nyae be yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo meganya naneke kura o; eye fetu aɖeke megali na wo o, elabena womegaɖoa ŋku wo dzi o. Nu sia nu si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ katã, elabena dɔwɔwɔ alo ɖoɖowɔwɔ alo sidzedze alo nunya mele Tsiẽƒe, afi si yi ge nàla o.”a—Nyagblɔla 9:5, 10.

Tsiẽƒe nye yɔdo, alo yɔ me, afi si woɖia ame kukuwo ɖo; ame siwo le afi ma meganya naneke o, eye womegatea ŋu wɔa dɔ aɖeke o. Aleke Hiob nuteƒewɔla la bu Tsiẽƒee? Hiob ƒe nunɔamesiwo katã bu le ŋkeke ɖeka dzi eye viawo hã ku gbe ma gbe ke, eyome wona ƒoƒoe vɔ̃ɖi aɖe tee, tso eƒe afɔƒome va se ɖe eƒe dzodome. Eƒo koko na Mawu be: ‘Oo, ne ɖe nàɣlam ɖe Tsiẽƒe, eye nàdzram ɖo ɖe!’ (Hiob 1:13-19; 2:7; 14:13) Eme kɔ nyuie be, Hiob mebu Tsiẽƒe be enye teƒe aɖe si dzo le bibim le, afi si yeƒe fukpekpea aganyra ɖe edzi le o. Ke boŋ, ebui be enye teƒe si yeƒe fukpekpea nu atso le.

Mɔ bubu aɖe hã li si dzi míato anya nɔnɔme si me ame kukuwo le. Eyae nye be míadzro nuŋlɔɖi siwo tso Mawu gbɔ, siwo le Biblia me ku ɖe ame enyi siwo wofɔ tso ku me ŋu la me.—Kpɔ aɖaka si nye “Tsitretsitsi Enyi Siwo Ŋu Biblia Ƒo Nu Tsoe.”

Ame enyi siwo wofɔ ɖe tsitre la dometɔ ɖeka pɛ hã megblɔ be yeyi dziƒo alo dzo mavɔ me o. Ne ɖe woyi teƒe mawo tɔgbi la, ɖe womaƒo nu tso eŋu na ame bubuwo oa? Eye ɖe womaŋlɔe ɖe Biblia me nuŋlɔɖi si tso Mawu gbɔ la me be amewo katã naxlẽ oa? Womeŋlɔ naneke nenema ɖe Ŋɔŋlɔawo me o. Eme kɔ ƒãa be nya aɖeke menɔ ame enyi mawo si woagblɔ tso nya sia ŋu o. Nu ka tae? Elabena esi woku la, womeganya naneke o, ɖeko wòle abe ɖe wodɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi ene. Le nyateƒe me la, Biblia tsɔa alɔ̃dɔdɔ wɔa kpɔɖeŋu ɣeaɖewoɣi tsɔ ɖea nu si ku nye la me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be nuteƒewɔla siwo nye David kple Stefano siaa ‘dɔ alɔ̃ le ku me.’—Dɔwɔwɔwo 7:60; 13:36.

Ne nyaa le alea la, ke mɔkpɔkpɔ kae li na kukuawo? Ðe woate ŋu afɔ tso alɔ̃dɔdɔ sia mea?

a Hebrigbe me nya “Sheol” kple Helagbe me nya “Hades” gɔmee woɖe be “Tsiẽƒe” le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me. Biblia gɔmeɖeɖe bubu aɖewo ɖe egɔme be “dzo mavɔ,” gake nufiafia si nye be wowɔa funyafunya kukuawo le dzo me la mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o.

TSITRETSITSI ENYI SIWO ŊU BIBLIA ƑO NU TSOEb

Ahosi aɖe ƒe viŋutsu Nyagblɔɖila Eliya fɔ ahosi aɖe si nɔ Israel ƒe dziehe gome, le Zarefat, la ƒe viŋutsu ɖe tsitre.—1 Fiawo 17:17-24.

Sunam ŋutsuvi aɖe Elisa, si va xɔ ɖe Eliya teƒe la fɔ ŋutsuvi si ku le Sunem dua me la ɖe tsitre eye wòtsɔe na edzilawo.—2 Fiawo 4:32-37.

Ŋutsu si ku si woda ɖe yɔdo aɖe me Wotsɔ ŋutsu aɖe si ku eteƒe medidi o la ƒe kukua ƒu gbe ɖe kpeto, alo yɔdo, si me Elisa ƒe ƒuwo nɔ la me. Esi ŋutsua ƒe kukua ka nyagblɔɖilaa ƒe ƒuwo ŋu la, ŋutsua gbɔ agbe.—2 Fiawo 13:20, 21.

Ahosi si nɔ Nain ƒe viŋutsu la Esime ameha aɖe nɔ dodom le Nain dua me yina ɖekakpui aɖe si ku ɖi ge la, Yesu va do go wo eye wòfɔ ɖekakpuia ɖe tsitre hetsɔe na dadaa si nɔ nu xam.—Luka 7:11-15.

Yairo vinyɔnua Yairo, si nye ƒuƒoƒedzikpɔlawo dometɔ ɖeka la ɖe kuku na Yesu be wòava yɔ dɔ ye vinyɔnua. Nyɔnuvia ku mlɔeba, gake Yesu fɔe ɖe tsitre le esia megbe kpuie.—Luka 8:41, 42, 49-56.

Yesu xɔlɔ̃ vevi Lazaro Lazaro ku ŋkeke ene sɔŋue nye ema eye Yesu fɔe ɖe tsitre le ame gbogbo aɖewo ŋkume.—Yohanes 11:38-44.

Dorkas Apostolo Petro fɔ nyɔnu sia si amewo nya nyuie le eƒe dɔmenyonunana gbogboawo ta, si wolɔ̃na vevie, la ɖe tsitre.—Dɔwɔwɔwo 9:36-42.

Eutiko Ðekakpui si ŋkɔe nye Eutiko la ge tso fesre nu eye wòku; apostolo Paulo na wògagbɔ agbe.—Dɔwɔwɔwo 20:7-12.

b Tsitretsitsi si ƒo ɖe sia ɖe tae nye Yesu Kristo ƒe tsitretsitsia, elabena eto vovo sãsãsã na tsitretsitsi enyi siawo, abe ale si woaɖe eme le nyati si kplɔe ɖo la me ene.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe