AGBEMEŊUTINYA
Meke Ðe Nane Si Nyo Wu Ŋkɔxɔxɔ Kple Atsyɔ̃ Ŋu
Ƒewuivi koe menye le ƒe 1984 me, gake le ƒe ma ƒe zã ɖeka ko me la, meva zu ame xɔŋkɔ. Woɖom Hong Kong Tugbewofia. Nye foto dze le magazinewo kple nyadzɔdzɔgbalẽwo ƒe ŋgɔgbekpa dzi. Mekpɔ gome le hadzidziwo, ɣeɖuɖuwo, nuƒowo ƒoƒo le dutoƒo kple television dzi wɔnawo me, medo awu nyuiwo, eye medo go ame ŋkutawo, siwo dome Hong Kong ƒe nutodziɖula hã le.
Le ƒe si kplɔe ɖo me la, meva nɔ gome kpɔm le filmwɔwɔ me, eye nyee nyea fefewɔla vevitɔ zi geɖe. Nyadzɔdzɔŋlɔlawo dina be yewoaŋlɔ nu tso ŋunye, fotoɖelawo dina be yewoaɖe fotom, eye ne wole film yeye ɖe ge ɖe go, ne wole xɔ alo dɔwɔƒe yeyewo nu ʋu ge alo woɖo nuɖukplɔ̃ tɔxɛwo la, amewo dina be manɔ eteƒe. Amewo ƒe ŋku nɔa ŋunye le afi sia afi.
Le film aɖe si me ŋutasẽnuwɔwɔ le me
Gake vivivi la, meva kpɔe be menye nu vavã aɖekee nu siawo nye abe ale si mesusui tsã ene o. Film siwo me wowɔa ŋutasẽnuwo le, siwo me woate ŋu adze afɔku le la koŋ mee mekpɔ gome le. Le Hong Kong la, menye nu si bɔ be fefewɔlawo nana ame aɖe nawɔ akpa siwo me nu vevi ate ŋu awɔ ame le la nɛ abe ale si fefewɔlawo wɔnɛ le Hollywood ene o, eya ta nye ŋutɔe wɔa akpa mawo, abe dzokekedodo ato ʋuwo ta ene. Agbe baɖa nɔnɔ kple ŋutasẽnuwɔwɔwo nɔ film siwo me mekpɔ gome le la dometɔ geɖe me. Ðewo hã ku ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu.
Le ƒe 1995 me la, meɖe ŋutsu aɖe si kpɔa filmwo wɔwɔ dzi. Togbɔ be edze abe nu sia nu si ana makpɔ dzidzɔ, abe ŋkɔxɔxɔ, kesinɔnuwo kple srɔ̃ŋutsu si lɔ̃m ene su asinye hã la, nyemenɔ dzidzɔ kpɔm o, eye melé blanui. Eya ta medzudzɔ filmwɔwɔ.
MEÐO ŊKU ALE SI MESUBƆ MAWU LE ÐEVIME DZI
Meva nɔ ŋku ɖom xɔse si nɔ asinye esime menye nyɔnuvi dzaa la dzi kple dzidzɔ. Ɣemaɣi la, mía kple nɔvinyenyɔnua míeyia ƒome aɖe si me tɔwo nye Yehowa Ðasefowo la gbɔ Memleɖa sia Memleɖa. Ðeviawo fofo, si ŋkɔe nye Joe McGrath la, srɔ̃a Biblia kpli mí kpakple vianyɔnuvi etɔ̃awo. Vividoɖeameŋu kple lɔlɔ̃ nɔ woƒe ƒomea me, eye “Tɔɖia Joe” wɔa nu ɖe srɔ̃a kple viawo ŋu bubutɔe. Kristotɔwo ƒe kpekpewo yiyi kpli wo hã dzɔa dzi nam. Ɣeaɖewoɣi la, míedea takpekpe gãwo. Dzi dzɔam ɣemaɣi. Mekpɔe be menɔ dedie le Ðasefowo dome.
Gake meto nɔnɔme sesẽwo me le nye ŋutɔ nye aƒe me. Fofonye ƒe nuwɔna do nuxaxa geɖe na danye, si wɔe be wòlé blanui vevie. Esi mexɔ abe ƒe ewo ene la, Dada dzudzɔ hadede kple Yehowa Ðasefowo. Metsɔ dzi afãafã yi edzi nɔ ha dem kpli wo, eye mexɔ nyɔnyrɔ esime mexɔ ƒe 17. Gake le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, meva nɔ agbe si medze Kristotɔ o, si wɔe be nyemegava nye hamea me tɔ o.
METRƆ VA YEHOWA GBƆ
Le nye srɔ̃ɖeɖe megbe kpuie la, Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le míaƒe nutoa me la ƒe hamemetsitsiwo va srãm kpɔ. Wona menya ale si mawɔ atrɔ ava Yehowa Mawu gbɔ, eye wowɔ ɖoɖo be dutanyanyuigblɔla aɖe si ŋkɔe nye Cindy la nakpe ɖe ŋunye. Ɣemaɣi la, nye xɔse gbɔdzɔ ale gbegbe be megblɔ nɛ be neɖo kpe edzi nam be Mawu ƒe Nyae Biblia nye vavã. Ehe nye susu yi Biblia me nyagblɔɖi siwo va eme la dometɔ aɖewo dzi. Vivivi la, míeva zu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo, eye egblɔ nam be yedi be yeanɔ Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo me dzrom kplim, eye melɔ̃. Ɣemaɣie nye zi gbãtɔ si mekpɔe be lɔlɔ̃ ƒe Mawue Yehowa nye, eye edi be makpɔ dzidzɔ.
Esi megadze Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede gɔme ake la, mekpɔe be hadede kple Ðasefowo nana mekpɔa dzidzɔ sãsãsã wu hadede kple filmwɔlawo. Ke hã nu siwo me meto le ɖevime la wɔe be nyemekana ɖe ame aɖeke dzi o, eye melé fu ɖokuinye. Hamea me tɔ aɖe kpe ɖe ŋunye esi wòzã Biblia tsɔ fia ale si manɔ te ɖe seselelãmekuxi mawo nu lam, eye mesrɔ̃ ale si mawɔ adze xɔlɔ̃ vavãwo hã.
NANE SI NYO WU ŊKƆXƆXƆ KPLE ATSYƆ̃
Le ƒe 1997 me la, nye kple srɔ̃nye míeʋu yi Hollywood, California, le United States. Esi míenɔ afi ma la, meva nɔ kpekpem ɖe amewo ŋu geɖe wu be nunya si le Mawu ƒe Nyaa me naɖe vi na wo. Biblia fiafia amewo na mekpɔ dzidzeme wu be manye fefewɔla xɔŋkɔ le filmwo me. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 2002 me la, medo go Cheri, si menya le Hong Kong. Nye agbemenuteƒekpɔkpɔwo sɔ kple etɔ le go geɖe me. Woɖoe Hong Kong Tugbewofia ƒe ɖeka do ŋgɔ nam. Eya gɔ̃ hãe ɖɔ dziɖuɖukukua nam esime woɖom tugbewofia. Eya hã va zu fefewɔla kple filmwo dzi kpɔla emegbe, eye wònɔ dɔ wɔm kple dɔdzikpɔla xɔŋkɔwo. Eya hã ʋu va Hollywood.
Cheri ƒe nu wɔ nublanui nam esi mese be ŋutsu si wònɔ ŋugbedodo me kplii la ku kpata esi dzidɔ ho nɛ. Mekpɔ akɔfafa aɖeke tso Buddha-subɔsubɔha si me wòle la me o. Abe ale si wònɔ le gonyeme ene la, ŋkɔxɔxɔ kple kesinɔnu si dzroa ame geɖe la su eya hã si, ke hã dzi menɔ edzɔm o, eye mekana ɖe ame aɖeke dzi o. Meva nɔ nu siwo mesrɔ̃ le Biblia me la gblɔm nɛ, gake esi wònye be Buddha-subɔsubɔhaa mee wònɔ tsi ta la, medo vivi ɖe wo ŋu tututu o.
Esime xɔ̃nye Cheri nɔ film aɖe wɔm
Gbe ɖeka le ƒe 2003 me la, Cheri yɔm esime wònɔ Vancouver, le Canada nɔ film aɖe wɔm. Egblɔ kple dzidzɔ be esime yenɔ ʋu kum le agbleta afi aɖe henɔ ŋku lém ɖe nuto siwo nya kpɔ na ye ŋu la, yekɔ gbe dzi do gbe ɖa gblɔ be: “Gblɔe nam, Ame kae nye Mawu vavã la? Ŋkɔwò ɖe?” Ɣemaɣi tututu la, eku ʋua va to Fiaɖuƒe Akpata aɖe ŋu, eye wòkpɔ ŋkɔ Yehowa le xɔa ŋu. Ekpɔe be aleae Mawu ɖo gbe si yedo ɖa nɛ la ŋu na ye, eya ta edi vevie be yeake ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu enumake. Mena mɔfiame siwo wòhiã lae, eye ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, ede kpekpeawo le Chinagbedolawo ƒe hame aɖe me le Vancouver.
Cheri gblɔ nam emegbe be: “Ame siawo tsɔ ɖe le eme nam vavã. Metea ŋu gblɔa nye dzimenya na wo.” Dzi dzɔm esi mese nya ma, elabena esime Cheri nɔ filmwɔwɔdɔa me la, medzea xɔlɔ̃wo gbeɖegbeɖe o. Cheri yi edzi nɔ kpekpeawo dem. Gake le ƒe 2005 me la, ede asi agbalẽ te be yeakpɔ film legbee eve aɖewo wɔwɔ dzi le China, eye esia ƒoe ɖe enu wòtrɔ yi Hong Kong. Dzidzɔtɔe la, le ƒe 2006 me la, Cheri tsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo le takpekpe aɖe me le Hong Kong. Togbɔ be Cheri di be yeasubɔ Yehowa kple yeƒe ŋutete katã hã la, eƒe filmwɔwɔdɔa na esia wɔwɔ sesẽ nɛ, eye dzi menɔ edzɔm kura o.
DZIDZƆ SI MEKPƆ LE KPEKPE ÐE AMEWO ŊU ME
Nɔnɔme si me Cheri nɔ la va trɔ le ƒe 2009 me. Eɖe asi le filmwɔwɔdɔa ŋu ale be yeate ŋu asubɔ Yehowa bliboe wu. Edze xɔlɔ̃ geɖewo le Kristo-hamea me. Eva tsɔ gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ɖo dɔe, eye dzi dzɔe ŋutɔ be yele kpekpem ɖe amewo ŋu be woanɔ agbe si ɖɔ ʋu wu.—Mateo 24:14.
Cheri va srɔ̃ Nepalgbe ale be yeakpe asi ɖe Ðasefo Nepalgbedola ʋɛ siwo nɔ dzidzim ɖe edzi le Hong Kong la ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me. Le nyateƒe me la, amewo medea bubu Nepalgbedola siwo le Hong Kong ŋu o, eye wodoa vlo wo gɔ̃ hã, le esi womese Eŋlisigbe alo Chinagbe tututu o eye woƒe dekɔnuwo hã to vovo ta. Cheri ƒo nu tso dzidzɔ si kpɔm wòle esi wòle kpekpem ɖe ame siawo ŋu be woanya Biblia la ŋu nam. Le kpɔɖeŋu me, esime wònɔ gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me gbe ɖeka la, edo go nyɔnu Nepalgbedola aɖe si nya nu ʋɛ aɖewo tso Yesu ŋu, gake menya naneke tso Yehowa, Mawu vavã la, ŋu o. Cheri zã Biblia tsɔ fiae be Yesu do gbe ɖa na Fofoa si le dziƒo. Esi nyɔnua kpɔe be yeate ŋu ado gbe ɖa na Mawu vavã la si ŋkɔe nye Yehowa la, exɔ nya nyuia kple dzi faa. Esia megbe kpuie la, srɔ̃a kple vianyɔnu hã va nɔ Biblia srɔ̃m.—Psalmo 83:18; Luka 22:41, 42.
Cheri, egbea
Esi mekpɔ ale si gbegbe Cheri nɔ dzidzɔ kpɔm le esi wòtsɔ gbeƒãɖeɖedɔa ɖo dɔe ta la, mebia ɖokuinye be, ‘Nu kae le mɔ xem nam be magawɔ nu si wɔm wòle o?’ Ɣemaɣi la, nye hã megatrɔ yi Hong Kong. Metrɔ asi le nye ɖoɖowo ŋu ale be makpɔ ɣeyiɣi geɖe wu ɖe Biblia fiafia dɔa ŋu. Meva kpɔe be ne meɖo to amewo hekpe ɖe wo ŋu wose Mawu ƒe Nyaa gɔme la, mekpɔa dzidzɔ vavã.
Meva kpɔe be mekpɔa dzidzɔ ŋutɔŋutɔ ne mekpe ɖe amewo ŋu wose Mawu ƒe Nyaa gɔme
Le kpɔɖeŋu me, mesrɔ̃ Biblia kple Vietnam-nyɔnu aɖe si léa blanui ɣesiaɣi eye aɖatsi lólona ɖe ŋku dzi nɛ edziedzi la. Fifia eva zu dzidzɔme, eye wòlɔ̃a hadede kple hamea me tɔwo.
Nye kple Cheri míeke ɖe nu si nyo sãsãsã wu ŋkɔxɔxɔ kple atsyɔ̃ ŋu. Togbɔ be filmwɔwɔdɔa he vivisese kple ŋkɔxɔxɔ vɛ na mí hã la, nufiafia amewo tso Yehowa Mawu ŋu nana míekpɔa dzidzeme wu, elabena enyea ŋutikɔkɔe nɛ. Míawo ŋutɔwo míele nya si Yesu gblɔ be, “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ” la teƒe kpɔm vavã.—Dɔwɔwɔwo 20:35.