INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w16 December axa 29-31
  • Tufafa—Nunyamɔ Wònye

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tufafa—Nunyamɔ Wònye
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU SI TA NUNYA LE EME BE WOAFA TU
  • Tufafa—Aleke Wòɖea Vi Na Mí?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • “Ame Kae Nye Nunyala Kple Nugɔmesela Le Mia Dome?”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Aleke Mawɔ Nui Kple Dzikudolawo?
    Nyɔ!—2001
  • Tufafa​—Menye Gbɔdzɔgbɔdzɔe Wònye O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
w16 December axa 29-31
Nyɔnu si léa be na dɔnɔwo kple ɖeviwo la le nu ƒom na nyɔnu aɖe si do dziku

Tufafa Nunyamɔ Wònye

Toñi, si léa be na dɔnɔwo kple ɖeviwo la ƒo agbonugaa, eye nyɔnu aɖe va ʋu agboa. Nyɔnua dzu Toñi eteƒe mekɔ o, eye wòhe nya ɖe eŋu be meva kaba va lé be na ye dada tsitsia o. Menye ɖe Toñi tsi megbe va dɔa me hafi o. Ke hã, Toñi ɖe kuku na nyɔnua tufafatɔe le masɔmasɔ ma ta.

ESI Toñi gava dɔme ɣebubuɣi la, nyɔnua gahe nya ɖe eŋu dzikutɔe ake. Aleke Toñi wɔ nui? Egblɔ be: “Esesẽ nam ŋutɔ. Susu aɖeke meli si tae wòle be nyɔnua nanɔ dzuyem nenema o.” Ke hã, Toñi gaɖe kuku nɛ ake, eye wògblɔ na nyɔnua be yese egɔme be ele nɔnɔme sesẽwo me tom.

Ne wòe nye Toñi ɖe, aleke nèsusu be yeawɔ nui? Ðe nàdze agbagba awɔ nu le tufafa mea? Ðe wòasesẽ na wò be nàɖu ɖokuiwò dzia? Ðikeke mele eme o be, manɔ bɔbɔe be nàɖu ɖokuiwò dzi le nɔnɔme siwo ŋu míeƒo nu tsoe la me o. Ne míeɖo nɔnɔme mawo tɔgbi me alo wodo dziku na mí la, esesẽna ŋutɔ be míayi edzi awɔ nu tufafatɔe.

Gake Biblia de dzi ƒo na Kristotɔwo be woafa tu. Le nyateƒe me la, Mawu ƒe Nya la tsɔa nɔnɔme nyui sia sɔna kple nunya. Yakobo bia be: “Ame kae nye nunyala kple nugɔmesela le mia dome?” Eye wòyi edzi gblɔ be: “Netsɔ agbenɔnɔ nyui ɖe eƒe dɔwɔwɔwo fia, newɔe kple tufafa si tso nunya me.” (Yak. 3:13) Mɔ ka nue tufafa nye nunya si tso dziƒo ƒe dzesi le? Eye nu kae akpe ɖe mía ŋu be nɔnɔme nyui sia nasu mía si?

NU SI TA NUNYA LE EME BE WOAFA TU

Tufafa ate ŋu atsi dziku nu. “Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu, ke gbedaɖeamegbɔ nana dɔmedzoe flana.”—Lod. 15:1.

Nuwɔwɔ le dziku me ate ŋu ana nuwo nagblẽ ɖe edzi elabe ɖeko wòƒlɔa dzo ɖe dzre te. (Lod. 26:21) Gake, zi geɖe la, nyaŋuɖoɖo fafɛ tea ŋu tsia dziku nu. Eye ate ŋu ana ame si ƒe nya me sẽ gɔ̃ hã ƒe dzi nafa.

Toñi kpɔ esia teƒe. Ale si Toñi ɖo nya ŋu tufafatɔe la na nyɔnua de asi avifafa me. Nyɔnua gblɔ be kuxi siwo me tom yele kple ƒomea ƒe kuxiwo na nu te ɖe ye dzi. Toñi ɖi ɖase na nyɔnua nyuie, eye nyɔnua lɔ̃ faa be wòasrɔ̃ Biblia kpli ye, le esi Toñi wɔ nu ɖe eŋu le tufafa kple dɔmefafa me ta.

Tufafa ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ. “Dzidzɔtɔwoe nye ame fafawo, elabena woanyi anyigba la dome.”—Mat. 5:5.

Nu ka tae ame fafawo kpɔa dzidzɔ? Ame siwo nye dɔmedzoetɔwo tsã la le dzidzɔ kpɔm fifia le esi wodo tufafa abe awu ene. Woƒe agbenɔnɔ ganyo ɖe edzi, eye wole mɔ kpɔm na etsɔme nyui aɖe. (Kol. 3:12) Adolfo si nye nutome sue dzikpɔla le Spain la ƒo nu tso ale si wònɔa agbeae tsã hafi wòva xɔ nyateƒea ŋu.

Adolfo gblɔ be, “Taɖodzinu gbagbe aɖeke menɔ nye agbe ŋu o. Nye dziku flana ɣesiaɣi ale gbegbe be xɔ̃nyewo dometɔ aɖewo vɔ̃am le nye dada kple adãwɔwɔ ta. Nane dzɔ si na mekpɔe be ele be matrɔ nye agbenɔnɔ. Gbe ɖeka nye kple ame aɖe míeda kɔ butubutu ŋutɔ eye wotɔ num kutɔkutɔe. Ʋu do le ŋunye ale gbegbe be meku kloe.”

Gake fifia, Adolfo to nyagbɔgblɔ kple agbenɔnɔ me le nu fiam amewo be woafa tu. Eƒe nuwɔwɔ ɖe ame ŋu vividoɖeameŋutɔe wɔe be eƒe nu léa dzi na ame geɖe. Adolfo gblɔ be yele dzidzɔ kpɔm le tɔtrɔ siwo gbegbe yete ŋu wɔ ta. Eye edaa akpe na Yehowa be ekpe ɖe ye ŋu yete ŋu fa tu.

Tufafa doa dzidzɔ na Yehowa. “Vinye, dze nunya, be nàdo dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na ame si le alɔme ɖem le ŋunye.”—Lod. 27:11.

Ne woagblɔe la, Abosam si nye Yehowa ƒe futɔ gãtɔ la, le alɔme ɖem le Yehowa ŋu. Yehowa kpɔ mɔ ado dziku helĩhelĩ ɖe Satana ƒe nuwɔwɔ le eŋu amemabumabutɔe la ta, ke hã, Biblia gblɔ le Yehowa ŋu be “medoa dziku kabakaba o.” (2 Mose 34:6) Ne míedze agbagba srɔ̃ Yehowa ƒe tufafa eye míebia dzi kabakaba o la, míele nu wɔm le nunya me. Eye esia doa dzidzɔ na Yehowa ale gbegbe.—Ef. 5:1.

Egbea, xexea me katã yɔ kple anyrawɔwɔ. Míedoa go ame siwo nye “adegbeƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo. . . ameŋugblẽlawo, ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo.” (2 Tim. 3:2, 3) Ke hã, mele be esia naxe mɔ na Kristotɔ be wòaganye ame fatu o. Mawu ƒe Nya la ɖoa ŋku edzi na mí be ‘nunya si tso dziƒo la . . . wɔa ŋutifafa, esea nu gɔme.’ (Yak. 3:17) Ne míewɔa ŋutifafa eye míesea nu gɔme la, esia fia be mawumenunya su mía si. Nunya sia aʋã mí be míawɔ nu tufafatɔe ne wodo dziku na mí, eye esia ana mía kple Yehowa, nunyawo katã Tsoƒe la, dome nava nɔ kplikplikpli.

Nu Siwo Akpe Ðe Ŋuwò Nàfa Tu

Ne ame aɖe do nu ɖe gbɔwò alo mewɔ nu ɖe ŋuwò nyuie o la, nu kae akpe ɖe ŋuwò nàlé ɖokuiwò ahawɔ nu wòado dzidzɔ na Yehowa? Ðe manyo be nàde ŋugble le mɔfiame nyui siwo gbɔna la ŋu oa?

  1. 1 ƑO ASA NA ‘XEXEA ƑE GBƆGBƆ.’—1 Kor. 2:12. Ame geɖe buna be gbɔdzɔgbɔdzɔe tufafa nye. Woƒe susue nye be ele be ame nate tɔ ɖe nu dzi alo ahe akpasesẽnya atsɔ aɖe eƒe ŋusẽ afia. Nuŋububu ma wɔ ɖeka kple xexea ƒe gbɔgbɔ, ke menye nunya si tso dziƒo o. Le nyateƒe me la, Biblia na eme kɔ be ŋusẽ le tufafa ŋu ŋutɔ. “Dzigbɔɖie wotsɔ xɔa nu le fia si, eye aɖe fafɛ tea ŋu gbãa ƒu.”—Lod. 25:15.

    Biabia siwo ŋu nàde ŋugble le:

    Le nye susu nu la, ɖe tufafa nye ŋusẽ ƒe dzesi loo alo gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzesi?

    Ðe mele agbagba dzem be maƒo asa na “ŋutilã la ƒe dɔwɔwɔwo” abe dɔmedzoedodowo kple dzrewɔwɔ enea?—Gal. 5:19, 20.

  2. 2 DE ŊUGBLE HAFI NÀƑO NU. “Ame dzɔdzɔe ƒe dzi bua tame hafi ɖoa nya ŋu, ke nya vlowo dona le ame vɔ̃ɖiwo nu gbẽgbẽgbẽ.” (Lod. 15:28) Ne dzi le mía kum hafi míeƒo nu la, míate ŋu agblɔ nya aɖewo siwo ava ve mí emegbe. Gake ne míede ŋugble hafi ƒo nu la, míate ŋu abu nuwo ŋu nyuie ahaƒo nu tufafatɔe, si awɔe be ame kemɛa hã makpɔ dziku o.

    Biabia siwo ŋu nàde ŋugble le:

    Nu kae dzikudodo kabakaba ate ŋu agblẽ le ŋunye?

    Ðe mate ŋu aŋe aɖaba aƒu agɔdzedzea dzi ɖe ŋutifafa ta?—Lod. 19:11.

  3. 3 NƆ GBEDODOÐA DZI. Do gbe ɖa na Yehowa be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea wò. Eyae nye ŋusẽ si tri akɔ wu le xexea me godoo. (Luka 11:13) Ðo ŋku edzi be tufafa kple ɖokuidziɖuɖu nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖe. Adolfo gblɔ be: “Gbedodoɖa na Yehowa madzudzɔmadzudzɔe kpe ɖe ŋunye ŋutɔ, vevietɔ le ɣeyiɣi siwo me nane dzɔ si ate ŋu ana mado dɔmedzoe hafi.” Nenema kee ne míeƒoa koko na Yehowa vevie to “gbedodoɖa dzi” be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea mí la, aɖo to mí.—Rom. 12:12.

    Biabia siwo ŋu nàde ŋugble le:

    Ðe medoa gbe ɖa na Yehowa edziedzi be wòadzro nye dzi kple susuwo me kpɔa?

    Ðe mebianɛ be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea kple nunyam ale be mawɔ nu le mɔ si dzea eŋu nua?—Ps. 139:23, 24; Yak. 1:5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe