Emenyawo
OCTOBER 23-29, 2017 ƑE KWASIÐA
Yehowae ɖo ɖokuidziɖuɖu ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi. Aleke amegbetɔwo ate ŋu asrɔ̃ eyama le nɔnɔme nyui sia ɖeɖe fia me? Eye nu ŋutɔŋutɔ kawoe nàte ŋu awɔ siwo akpe ɖe ŋuwò be nàɖu ɖokuiwò dzi geɖe wu?
OCTOBER 30, 2017–NOVEMBER 5, 2017 ƑE KWASIÐA
8 Srɔ̃ Yehowa Ƒe Veveseɖeamenu
Nu kae wòfia be woase veve ɖe ame nu? Yehowa kple Yesu siaa ɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi na mí le go sia me. Gake mɔ kawo nue míate ŋu asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋua le? Eye nu nyui kawoe ate ŋu ado tso esia wɔwɔ me?
13 Agbemeŋutinya—Mɔnukpɔkpɔ Su Asinye Mewɔ Dɔ Kple Nuteƒewɔlawo
NOVEMBER 6-12, 2017 ƑE KWASIÐA
18 “Mía Mawu Ƒe Nya Ya Nɔa Anyi Tegbee”
NOVEMBER 13-19, 2017 ƑE KWASIÐA
23 ‘Ŋusẽ Le Mawu Ƒe Nya La Ŋu’
Nu ka tae wòɖe dzesi ŋutɔ be wogale Biblia gɔme ɖem ɖe gbe bubu geɖewo me? Eye ne Mawu ƒe Nyaa le gbe si míese nyuie me la, aleke míaɖee afia be míedea asixɔxɔ eŋu? Nyati siawo akpe ɖe mía ŋu míagakpɔ ŋudzedze ɖe Biblia ŋu geɖe wu eye míalɔ̃ Ame si gbɔ wòtso la vevie.
NOVEMBER 20-26, 2017 ƑE KWASIÐA
28 “Lé Dzi Ðe Ƒo, . . . Eye Nàwɔ Dɔ La”
Ele vevie be dzi nanɔ Kristotɔwo ƒo. Aleke Mawu subɔla siwo nɔ anyi le blema, siwo si nɔnɔme nyui sia nɔ la ƒe kpɔɖeŋuwo ate ŋu aɖe vi na mí? Aleke sɔhɛwo, dzilawo, nɔvinyɔnu tsitsiwo kple nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔwo aɖee afia be dzi le yewo ƒo eye yewole dzadzraɖoɖi na dɔ nyuiwo wɔwɔ?