Emenyawo
3 Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa—Le Myanmar
SEPTEMBER 3-9, 2018 ƑE KWASIÐA
7 Ame Ka Ŋue Nèdina Be Yeadze?
Egbea, ame geɖe dina be xexe vɔ̃ɖi sia me tɔwo nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu. Nyati sia adzro nu si tae wòle be míaku kutri vevie awɔ ŋkɔ nyui le Yehowa gbɔ la me—esiae nye ŋkɔ nyuitɔ kekeake si míate ŋu awɔ na mía ɖokui. Míadzro ale si Yehowa naa teƒeɖoɖo mí le mɔ siwo nu míele mɔ kpɔm na o hã me.
SEPTEMBER 10-16, 2018 ƑE KWASIÐA
Le nyati sia me la, míadzro nu si tae Ŋugbedodonyigbaa dzi yiyi ƒe mɔnukpɔkpɔa ge le Mose nuteƒewɔlaa si la me. Akpe ɖe mía ŋu hã be míakpɔ ale si míawɔ be mɔ̃ si ɖe Mose la nagaɖe mí o.
SEPTEMBER 17-23, 2018 ƑE KWASIÐA
17 “Ame Kae Le Yehowa Ƒe Akpa Dzi?”
SEPTEMBER 24-30, 2018 ƑE KWASIÐA
Gome le Yehowa si be wòagblɔ be ye tɔe amegbetɔwo katã nye. Eya ta, ebia be míatsɔ mía ɖokui ana ye bliboe. Gake, ame aɖewo nɔa nu si dze woawo ŋutɔwo ŋu la wɔm, evɔ woblea wo ɖokuiwo henɔa susum be yewole nuteƒe wɔm na Mawu. Le nyati gbãtɔa me la, míakpɔ nufiame vevi siwo le Kain, Salomo, Mose kple Aron ƒe ŋutinyawo me na mí. Le nyati evelia me la, míadzro mɔ vovovo siwo dzi míate ŋu ato aɖee afia Yehowa be míekpɔ ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si wòna mí be míanye yeƒe amewo la ŋu la me.
27 Na Wò Dɔme Natrɔ Ðe “Ame Ƒomeviwo Katã” Ŋu
30 Ale Si Nàwɔ Be Biblia Sɔsrɔ̃ Navivi Nuwò Eye Wòaɖe Vi Geɖe Wu Na Wò