INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w18 July axa 32
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Hamea Ƒe Ŋutifafa Kple Dzadzɛnyenye Me Léle Ðe Asi
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Yehowa Ƒe Alẽwo Hiã Beléle Lɔlɔ̃tɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
w18 July axa 32

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ne ŋutsu kple nyɔnu siwo meɖe wo nɔewo o la tsi aƒe ɖeka me dɔ le nɔnɔme siwo mesɔ o me la, ɖe esia anye nu vɔ̃ si tae woaɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti ɖoa?

Ʋu eve le aƒe aɖe ŋgɔ le zã me

Ɛ̃, ne menye nɔnɔme aɖe si ŋu womate ŋu awɔ naneke le o ye bia be woatsi aƒe ɖeka me adɔ o la, ekema esia nye kpeɖodzi sẽŋu be woanya kpɔ gome le gbɔdɔdɔ manɔsenu me. Eya ta, ele be woaɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti.—1 Kor. 6:18.

Hamemetsitsiwo ƒe haa daa nɔnɔme ɖe sia ɖe si do mo ɖa la kpɔna nyuie be yewoanya nenye be ehiã be woaɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti hã. Le kpɔɖeŋu me: Ðe lɔlɔ̃nya aɖe le wo ame evea domea? Ðe hamemetsitsiwo ɖo aɖaŋu na wo ku ɖe ale si wole nu wɔm ɖe wo nɔewo ŋu la ŋu kpɔa? Aleke wòva dzɔe be wo ame evea wotsi aƒe ɖeka me dɔ? Ðe wònye nu si woɖo do ŋgɔa? Ðe woate ŋu atso nya me bubui hafia, alo ɖe nane dzɔ si ŋu womate ŋu awɔ naneke le o, abe nuɖiɖeame alo nudzɔdzɔ kpata ene, si wɔe be naneke meli woawɔ tsɔ wu be woatsi aƒe ɖeka me adɔa? (Nyagb. 9:11) Afi kae womlɔ? Esi wònye be nɔnɔme ɖe sia ɖe to vovo ta la, anɔ eme be nu bubuwo hã li siwo ku ɖe nu si dzɔ la ŋu, siwo ŋu hamemetsitsiwo alé ŋku ɖo.

Ne hamemetsitsiwo ƒe haa ku nu me henya nu si tututu dzɔ vɔ la, woatso nya me nenye be ame evea ƒe nuwɔnaa bia be woaɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe