Yi Edzi Nànɔ Nu Ƒom le Nusiwo Nèkpɔ Kple Nusiwo Nèse Ŋuti
1 Esi wodo ŋɔdzi na apostoloawo be woaƒo wo ahade wo mɔ̃ gɔ̃ hã la, wogblɔ na tsitretsiɖeŋulawo be: “Míate ŋu agbe nuƒoƒo le nusi míekpɔ kple nusi míese la ŋuti o.” (Dɔw. 4:20) Wokpɔ asixɔxɔ si le Yesu ƒe dɔwo kple nufiafiawo ŋu la dze sii.
2 Yesu kple eƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyui la nye nusi hiã na amewo egbea abe alesi wòhiã ɣemaɣi ene. Eyata ele be míawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ atsɔ aƒo nu tso nusiwo míekpɔ kple nusiwo míese le Mawu ƒe Nya la me la ŋuti. Zi geɖe la amewo lɔ̃na be yewoaƒo nu tso mawusubɔsubɔnyawo ŋu ne wodze nyaa gɔme aɖaŋutɔe, eye esia naa ɖaseɖiɖi ƒe mɔnukpɔkpɔ bubuwo sua ame si.
3 Sɔhɛwo, Miƒo Nu le Suku: Ðasefo sɔhɛ geɖewo wɔa mɔnukpɔkpɔwo ŋudɔ tsɔna ɖia ɖase na woƒe sukuhatiwo kple nufialawo. Ðasefo sɔhɛ aɖe si dzea agbagba ɣesiaɣi be yeanɔ ŋudzɔ ɖe nya siwo ŋu yeƒe sukuhatiwo le nu ƒom le ŋu la wɔ nya aɖe si dzɔ le suku la ŋudɔ eye wòtsɔ agbalẽ si sɔ ɖe edzi fia nufialawo kple sukuhatiwo. Nukae do tso eme? Nyɔnuvia na agbalẽ 35 le ŋkeke ɖeka dzi! Esi ame geɖe ƒe susu le Yesu Kristo kple ŋutifafanyawo ŋu tso ɣleti si va yi me ta la, ɖe manye ɣeyiɣi si sɔ be miana miaƒe sukuhatiwo kple nufialawo nanya alesi Yesu si le Fia ɖum la akpɔ xexeame ƒe kuxiwo gbɔe oa?—Tsɔe sɔ kple Luka 2:14.
4 Ne wole nu ƒom tso gome si mèkpɔna le mawusubɔsubɔ ƒe nuwɔna siwo ku ɖe Kristmas kple Ƒe Yeyea ŋu me o ŋuti la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Nusita nyemekpɔa gome le Kristmas ƒe azãɖuɖuwo me o ye nye be medea bubu Yesu ŋu be eya ko dzie míato akpɔ ɖeɖe eye eya koe ahe aʋawɔwɔ kple ameƒomeviwo dome kuxiwo ava nuwuwui o. [Gblɔ Dɔwɔwɔwo 4:12 me nyawo alo nàxlẽe.] Yesu meganye vidzĩ o ke boŋ enye Fia si le dzi ɖum. Agbalẽ sia si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ la dzro Yesu ƒe nufiafiawo kple nukunuwo katã me eye wòɖe alesi wòle amegbetɔ ƒe fukpekpe katã he ge ava nuwuwui la fiana.” Azɔ tsɔ nɔnɔmetata si le ta 133 lia me la fiae, eye nàxlẽ memamã evelia si le axa si kplɔe ɖo la. Tsɔ nya bubu siwo nèsusu be woaʋãe la fiae. Ne èɖe gbeƒã nɛ vɔ la, tsɔ agbalẽa nɛ dzonɔamemetɔe.
5 Ƒo Nu na Dɔwɔhatiwo: Nɔviŋutsu aɖe na agbalẽ 63 le esi wòda Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa ɖe eƒe kplɔ̃ dzi ko ta. Alesi wònya kpɔe kple eƒe tanya ɖeɖe dzaa nana wobiaa nya. Àte ŋu abia wò dɔwɔhati aɖe ko be: “Amekae nèsusu be eyae nye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ?” Emegbe nàgblɔ be: “Agbalẽ sia ƒo nu tso Yesu ƒe agbenɔnɔ katã ŋu, edzro nuƒo ɖesiaɖe si wòƒo me, eɖo nya siwo ame geɖe biana ku ɖe eƒe nukunuwo ŋu la ŋuti, eye numeɖeɖe dodzidzɔname bubuwo hã le eme. Eto nusi Biblia fia le Yesu ŋu la me tsitotsito eye wòɖo kpe edzi ɖikekemanɔmee be Yesu Kristoe nye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ.” Azɔ he susu yi nya si Napoléon gblɔ le Yesu ŋu, esi woŋlɔ ɖe agbalẽa ƒe gɔmedzenyaa ƒe memamã etɔ̃lia me la dzi.
6 Mɔnukpɔkpɔ mawo tɔgbe asu mía si be míaɖi ɖase na aƒelikawo alo ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo. Do gbe ɖa be Yehowa nana dzideƒo kple ŋutetea wò be naƒo nu le ɣeyiɣi nyuitɔ me. (Dɔw. 4:29, 31) Nya si míagblɔ le Yesu ŋu la ado dzidzɔ na dzɔdzɔenyenyelɔ̃la siwo bua tame. Nuteƒekpɔkpɔ kae aganyo wu esia be míakpe ɖe sukuhati, dɔwɔhati, aƒelika alo ƒometɔ ŋu wòadze agbe mavɔ ƒe mɔa dzi?—Yohanes 14:6.