INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/93 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena January

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena January
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme January 4
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme January 11
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme January 18
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme January 25
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 1/93 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena January

MIDE DZESII: Dzikpɔla zimenɔla awɔ ɖoɖo ɖe nutome gã takpekpea ƒe nuƒoawo me toto aɖabaƒoƒo 30 ŋu. Ate ŋu awɔ tɔtrɔ si sɔ le kwasiɖa ma ƒe Subɔsubɔkpekpea me. Ele be wòade dɔa asi do ŋgɔ eye ele be woawɔe dzonɔamemetɔe.

Kwasiɖa si Dze Egɔme January 4

Hadzidzi 218

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe siwo ku ɖe mia ŋu. Ðo aɖaŋu le alesi woana magazine siwo woana le gbeadzi le kwasiɖa sia ƒe nuwuwu la nadzro amewoe la ŋu.

15 min: “Ʋã Ame Bubuwo be Woalé Ŋku Ðe Yesu Ŋu Nyuie.” Nuƒo dedziƒoname si aɖe vevienyenye si le Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa ŋu le kpekpeɖeŋu nana amewo be woaƒo wo ɖokui ɖe tadedeagu vavãtɔ me la me afia.

10 min: “Mawusosroɖa Nanye Wò Taɖodzinu le Hehe si Nam Nèle Ðokuiwò Me.” Nuƒo tuameɖo si Teokrasi Subɔsubɔ Sukudzikpɔla aƒo. Ðe alesi woaƒo Nuƒo 2 lia me eme nakɔ ƒã, eye nàɖo ŋku edzi na amesiwo wode Biblia me nya veviwo me dzodzro asi na be woagaƒo nu le Biblia ƒe akpa si wode asi na Nuƒola 2 lia la ŋu fũ o.

10 min: Nyabiaɖaka. Hamemegã ƒe nuƒo.

Hadzidzi 205 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme January 11

Hadzidzi 20

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Tsɔ gakɔntabubu kpakple nudzɔdzɔ siwo ɖo Habɔbɔa gbɔ ŋuti nya kpe ɖe eŋu. Kafu hamea dzonɔamemetɔe le asi si kpem wole ɖe miaƒe hamea kple Habɔbɔa ƒe Fiaɖuƒe Akpatatuga kple Habɔbɔa ƒe xexeame katã ƒe dɔa ŋu la ta. Gblɔ traktwo kple ɖewohĩ Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa tsɔtsɔ akpe ɖe amewo ŋu be woaƒo wo ɖokui ɖe tadedeagu vavãtɔ me ŋuti nuteƒekpɔkpɔ tiatia siwo ɣeyiɣia aɖe mɔ na. Gblɔ kwasiɖaa ƒe nuwuwu ƒe gbeadziyiɖoɖowo.

20 min: “Na Yesu Kristo Ŋuti Sidzedze Vavãtɔ Nasu Amewo Si.” Biabiawo kple ŋuɖoɖowo. Wɔ trakt yeyea zazã ƒe aɖaŋu si woɖo ɖe memamã 2 lia kple 3 lia me la ƒe wɔwɔfiawo.

15 min: “Gbeadzi si Womayi Ɣleti Ðesiaɖe O Esime Wole Suku la Dzi Ðuɖu.” Hamemegã bibi si anyo be wòanye vifofo nadzro nyatia me kple gbeƒãɖela aɖewo siwo nye sukuviwo. Wòate gbe ɖe edzi be woabu gbeadziyiyi ƒe akɔnta kaba.

Hadzidzi 71 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme January 18

Hadzidzi 53

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo; kpe ɖase ɖiɖi le kwasiɖaa ƒe nuwuwu ŋuti gbeƒãɖeɖe ɖe eŋu. Gblɔ dzeɖonya ɖeka alo eve siwo woate ŋu atsɔ adze gbeƒãɖeɖe gɔmee le gbeadzi le kwasiɖa sia ƒe nuwuwu.

15 min: “Tsɔ Nugɔmesese Trɔ Yi Ðetsɔlemetɔwo Gbɔe.” Woadzro eme kple nyaselawo. Wɔ nya siwo le memamã 3 kple 4 me ƒe wɔwɔfiawo.

15 min: “Traktwo Zazã be Viɖe Nado tso Wo Me”—Akpa 1. Woatsɔ nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo adzro emedegbalẽvia ƒe memamã 1-8 me. Le memamã 5 lia me dzodzro megbe la, wɔ Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me ƒe trakt la tsɔtsɔ adze dzeɖoɖo gɔmee ƒe wɔwɔfia. Le memamã 8 lia megbe la, wɔ trakt tsɔtsɔ aɖi vomeɖasee ƒe wɔwɔfia.

10 min: Miaƒe nuhiahiãwo.

Hadzidzi 128 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme January 25

Hadzidzi 196

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Teokrasi Nyadzɔdzɔwo.

10 min: “Yi Edzi Nànɔ Nu Ƒom le Nusiwo Nèkpɔ Kple Nusiwo Nèse Ŋuti.” Nuƒo. Tsɔ mia gbɔ vomeɖaseɖiɖi ŋuti nuteƒekpɔkpɔ tiatiawo de eme.

20 min: “Traktwo Zazã be Viɖe Nado tso Wo Me”—Akpa 2. Woatsɔ nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo adzro emedegbalẽvia ƒe memamã 9-16 me. Le memamã 10 lia me dzodzro megbe la, wɔ alesi woatsɔ trakt adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmee ƒe wɔwɔfia. Le memamã 13 lia megbe la, wɔ alesi woazã Ðe Xexeme Sia Ato Eme Adoa? ƒe trakt la atsɔ adze nusɔsrɔ̃ gɔmee ƒe wɔwɔfia.

10 min: “Àte Ŋu Akpɔ Akɔfafa le Xaxaɣiwo.” (wEW92 7/15 axa 19-22) Hamemegã ƒe nuƒo tuameɖo.

Hadzidzi 103 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe