INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/93 axa 4
  • Dɔwɔnu Veviwo Zazã Nunyatɔe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dɔwɔnu Veviwo Zazã Nunyatɔe
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tɔtrɔyi Siwo Le Bɔbɔe Hetsea Ku
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Na Trakt la Kpe ɖe Agbalẽ Bubuwo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Zã Traktwo Tsɔ Ƒo Nu tso Ame Vevitɔ ƒe Agbalẽa Ŋui
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Kpe Ðe Amewo Ŋu be Woasrɔ̃ Nu tso Mawu ƒe Vi Yesu Kristo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 2/93 axa 4

Dɔwɔnu Veviwo Zazã Nunyatɔe

1 Ne èle gbeƒã ɖem tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu la, ele be wòanye wò taɖodzinu be yeazã Biblia kple dɔwɔnu vevi bubuwo atsɔ aɖo dze tuameɖo si tso Ŋɔŋlɔawo me kple aƒemenɔla ɖesiaɖe. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 6:1; Timoteo II, 2:15.) Nya kawoe le fu ɖem na amesiwo le wò anyigbamamã me la le ŋkeke siawo me? Ðe ganyawo kple alesi ƒomegbenɔnɔ megale nyonyom o la le fu ɖem na woa? Nya ʋee aɖewo siwo nàgblɔ atsɔ adze nya siawo dometɔ ɖesiaɖe gɔmee ate ŋu azu Biblia me dzeɖoɖo nyui aɖe.

2 Àte ŋu agblɔ be:

◼ “Ele sesẽm na ame geɖe le ɣeyiɣi sesẽ siawo me be woakpɔ woƒe nuhiahiãwo. Èsusu be amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo akpɔ míaƒe gakuxiwo gbɔ na mí le mɔ si asɔ na amesiame nua? [Ðo to ŋuɖoɖoa.] Nye ŋutɔ mekpɔe be nya sia dea dzi ƒo na ame ŋutɔ . . . ”

3 Azɔ àte ŋu axlẽ Psalmo 72:12-14 eye nàtia mawunyakpukpui bubu tso esiwo le Reasoning-gbalẽa ƒe axa 154-5 la dome atsɔ awu dzeɖoɖo la nui. Alo ne miexlẽ ŋɔŋlɔ ɖeka vɔ la, àte ŋu afia asi memamã aɖe le Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me ƒe trakt la me. Gbeƒãɖela geɖe—siwo dome ɖeviwo hã le—le Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme dzem dzidzedzetɔe le traktawo dometɔ ɖeka me to memamã aɖe xexlẽ ahabia aƒemenɔlaa ƒe susu le nya si woxlẽ la ŋu me.

4 Le nuto aɖewo me la, àdi be yeato mɔ sia boŋ dzi:

◼ “Ame geɖe adi be gɔmeɖose vevi siwo nɔ ƒomewo me tsã la naganɔ anyi ake. Èsusu be ele be amesiame natso nya me le gɔmeɖose mawo ŋu na eɖokuia, alo ele be dzidzenu ɖeka nanɔ anyi na amesiame? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ame geɖe lɔ̃na ɖe edzi be ne wowɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si me nunya le la dzi la, ƒomegbenɔnɔ anyo ɖe edzi ŋutɔ.”

5 Ne mieɖo afisia la, àte ŋu ahe susu ayi apostolo la ƒe nya si wògblɔ le Kolosetɔwo 3:12-14 la dzi eye miadzro eme loo alo nàdze agbagba azã nya siwo le tanya sue “Mɔ Ka Dzie Woato Wòadze Dzi?” te le Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me ƒe trakt la me atsɔ adze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔmee le yiyi zi gbãtɔ me.

6 Ne aƒemenɔlaa ɖe ɖetsɔleme fia la, na wòakpɔ asixɔxɔ si le Habɔbɔa ƒe axa 192-gbalẽ siwo ŋu akpa sesẽ le la dometɔ si nam nèle le ɣletia me la ŋu. Wɔ dɔwɔnu vevi bubuwo ŋudɔ le nunya me to nya aɖe si sɔ si le trakt, magazine, alo agbalẽ gbadza aɖe me la zazã me.

7 Ne ète ŋu dze nusɔsrɔ̃ gɔme le yiyi zi gbãtɔ me la, wɔ ɖoɖo koŋ be miagayi numedzodzroa dzi le ŋkeke bubu dzi. Àte ŋu aɖo wò sasrãkpɔ si akplɔe ɖo la gɔme anyi ne ègblɔ na aƒemenɔlaa be ne yetrɔ va la yeadi be yewoadzro nya si ame geɖe biana be: “Nukatae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo?” la ƒe ŋuɖoɖoa me. Nyati si le ete la aɖo alesi woate ŋu atrɔ asi le nyatia ŋui le tɔtrɔyi me la ƒe aɖaŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe