INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/93 axa 8
  • Na Trakt la Kpe ɖe Agbalẽ Bubuwo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Na Trakt la Kpe ɖe Agbalẽ Bubuwo Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mizã Traktwo Tsɔ Dze Dzeɖoɖowo Gɔmee
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Zã Traktwo Tsɔ Ƒo Nu tso Ame Vevitɔ ƒe Agbalẽa Ŋui
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Tɔtrɔyi Siwo Le Bɔbɔe Hetsea Ku
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Zãe Ɣesiaɣi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 5/93 axa 8

Na Trakt la Kpe ɖe Agbalẽ Bubuwo Ŋu

1 Le magazine siwo katã wotana egbea dome la, Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! la koe ate ŋu afia agbe mavɔ ƒe mɔ exlẽlawo siwo si dzi nyui le la. Ne èle dze ɖom kple amewo le May kple June me la, ame aɖewo aɖe ɖetsɔleme nyui afia ɖe Fiaɖuƒe gbedasia ŋu, eye àte ŋu ahe woƒe susu ayi magazine yeyetɔwo alo Habɔbɔa ƒe agbalẽ gbadza siwo le amadede dzeani me la dometɔ ɖeka dzi tẽ. Ame aɖewo maɖe ɖetsɔleme geɖe afia gbã o. Le esiawo gome la, àte ŋu adzro nyati ɖeka alo eve aɖewo me kple wo le trakt la me; eye ne aƒemenɔlaa ɖe ɖetsɔleme si yi ŋgɔ fia la, ekema tsɔ trakt kpe ɖe magazine alo agbalẽ gbadza si nam nèle la ŋu nɛ.

2 Àte ŋu agblɔ be:

◼ “Ame akpa gãtɔ alɔ̃ ɖe edzi be le egbe xexeame la, kuxi siwo li la sɔ gbɔ wu nusiwo woatsɔ akpɔ wo gbɔe. Ðe nènya be wogblɔ míaƒe kuxi sesẽtɔwo ɖi ɖe Biblia mea?” Azɔ trɔ ɖe trakt si ƒe tanyae nye Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia? ƒe axa 4 kple 5 ŋu eye nàdzro kuxia ƒe ɖewo me.

3 Ne April 1 ƒe Gbetakpɔxɔ la namee nèle eye aƒemenɔlaa ɖe ɖetsɔleme fia ɖe nusi nèxlẽ tso trakt la me ŋu la, àte ŋu atɔ asi nyati si ƒe tanyae nye “Dze Xexeame ƒe Kekeli la Yome” ahaɖe alesi Yesu Kristo akpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ mlɔeba la me. Azɔ gblɔ nɛ be yeagava le ɣeyiɣi si asɔ nɛ dzi be miayi dzeɖoɖoa dzi.

4 Ne èle nu ƒom le April 8 ƒe Awake! ŋu la, àte ŋu azã ŋgɔdonya si woɖo ɖe nyati sia me la ƒe memamã evelia ahagblɔ be:

◼ “Ame geɖewo meka ɖe edzi be mawusubɔsubɔ kple dunyahehe ate ŋu akpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ o, gake womenya ne dzɔdzɔmeŋutinunya ate ŋu akpɔ egbɔ o.” Azɔ xlẽ nya si sɔ le nyati si ƒe tanyae nye be “Ðe Dzɔdzɔmeŋutinunya Ate Ŋu Akpe Akɔ Kple Ƒe Alafa 21 lia me Kuxiwoa?” me. Sɔhɛ geɖewo, vevietɔ sukuviwo, akpɔ dzidzɔ ɖe nyati sia ŋu.

5 Ne èle “Kpɔ ɖa!” ƒe agbalẽ gbadza nam la, àte ŋu agblɔ nya bubu be:

◼ Ame geɖewo dina be yewoanya nusi dzɔna ɖe mía dzi ne míeku. Ame aɖewo gblɔna be míeyia dziƒo alo yia hell; ame bubuwo ya meka ɖe edzi o. Alesi Biblia la ɖo eŋui la wɔ nuku eye wònaa kakaɖedzi ame hã.” Azɔ àte ŋu aɖe Mɔkpɔkpɔ Kae Li na Lɔlɔ̃tɔ siwo Ku ƒe trakt la fiae eye nadzro eƒe akpa aɖewo me kplii. Le ema megbe ne aƒemenɔla ɖe ɖetsɔleme fia la, àte ŋu aʋu agbalẽ gbadza la ƒe axa 16 kple 17 adzro eme.

6 Zã trakt si nye Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Àte ŋu abia nyabiabia etɔ̃ siwo dze le trakt la ƒe memamã gbãtɔ me aƒemenɔla. Ne eɖo eŋu vɔ la, he eƒe susu yi axa 3 lia ƒe memamã mamletɔ dzi. Afisia ƒo nu le paradiso si woagbugbɔ ɖo le ŋutifafa ƒe xexeme yeye me ŋu. Ne aƒemenɔla ɖe ɖetsɔleme geɖe fia la, ke wɔ April 1 Gbetakpɔxɔ la ŋudɔ le aɖaŋu si woɖo le nyati sia ƒe memamã 3 lia nu. Ne April magazinewo mele asiwò o la, ke zã esiwo li ko.

7 Ne gbeƒãɖela yeye nènye la, ɖikeke mele eme o be àdi be yeazã mɔnu si le bɔbɔe. Nukata màxɔ Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia? ƒe trakt la ahawɔ aɖaŋu si woɖo le memamã 2 lia me la ŋudɔ o?

8 Enye bubu wode mía ŋu be míatsɔ agbexɔxɔ ƒe gbedasia ayi ɖe amewo ƒe aƒewo me. Esi míele ‘amesiwo dze’ dim la, mina míawɔ traktwo ŋudɔ nyuie eye míatsɔ wo akpe ɖe agbalẽ bubuwo ŋu ne woɖe ɖetsɔleme fia.—Mat. 10:13.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe