Subɔsubɔkpekpewo Hena February
Kwasiɖa si Dze Egɔme February 1
Hadzidzi 23
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe siwo ku ɖe mia ŋu. Gblɔ na hamea be woatsɔ Insight, Babla 1, ɖe asi ava kwasiɖa si gbɔna ƒe Subɔsubɔkpekpe lae, hena aɖabaƒoƒo 15 ƒe akpa la me dzodzro.
15 min: Asa si Míaƒo na Ʋudodo ƒe Kuxiwo—Ɣeyiɣia De be Míakpe Advance Medical Directive Yeye Ðo. Hamemegã si le akpa sia wɔm la nana woamã agbalẽvi yeyewo na gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ̃wo eye wòaƒo nu tso November 2, 1991, ƒe lɛta si ɖe alesi woazã agbalẽvi siawoe la me nyawo ŋu nyuie. Le dzadzraɖo me la, dzro Habɔbɔa ƒe lɛta CS:DD May 15, 1990 la me nyuie. Ele be amesiwo ade asi agbalẽa te abe ɖasefowo ene la nakpɔ eteƒe ŋutɔŋutɔ esime amesi tɔ agbalẽvia nye la le asi dem ete. De dzi ƒo be amesiame nakpe agbalẽvi yeye ɖo hafi adzo le Fiaɖuƒe Akpataa me. Mele be gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ̃wo nado go le aƒeme esime woƒe “Advance Medical Directive/Release” ƒe agbalẽvia mele wo ŋu o. Ele be Dzesidegbalẽvia nanɔ ɖevi sue maxɔnyɔnyrɔ̃ siwo dzila nye Ðasefo la ŋu ɣesiaɣi. Esi wobia le hame ƒe kpekpe aɖe me nyitsɔ laa la, wokpɔe be gbeƒãɖela 1 le 5 ɖesiaɖe me metsɔ eƒe agbalẽvia ɖe asi o, eye ɖevi aɖeke metsɔ eƒe Dzesidegbalẽvia ɖe asi o. Le nyataƒoƒo me la, xlẽ Lododowo 22:3 eye nàtsɔe aku ɖe nyaa ŋu.
20 min: Miaƒe nuhiahiãwo, alo nuƒo si ƒe tanyae nye “Na Modzakaɖeɖe Ŋuti Nukpɔsusu Nyuitɔ Nanɔ Asiwò,” si tso November 8, 1992, Awake! ƒe axa 3-10.
Hadzidzi 139 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme February 8
Hadzidzi 162
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gblɔ kwasiɖaa ƒe nuwuwu ƒe gbeadziyiɖoɖowo.
20 min: “Miɖe Gbeƒã Mɔ si dzi Mawu Ato be Ŋutifafa Kple Dedienɔnɔ Nava.” Woatsɔ biabiawo kple ŋuɖoɖowo adzro nyatia mee. De dzi ƒo na gbeƒãɖelawo be woazã traktwo le gbeadzi. Ne miedzro memamã 3 me vɔ la, na gbeƒãɖela si dzra ɖo nyuie nawɔ alesi woate ŋu azã Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia? ƒe trakt la atsɔ adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmee le yiyi zi gbãtɔ me alo le tɔtrɔyi me la ƒe wɔwɔfia. Gbeƒãɖela: “Ŋdi na wò. Míele dze ɖom kple amewo egbea le alesi agbenɔnɔ le ŋu. Ðe nusi nèkpɔna le amewo ƒe agbenɔnɔ me egbea nana wò dzi dzea emea?” Aƒemenɔla: “Nye dzi medzea eme ŋutɔŋutɔ o.” Gbeƒãɖela: “Èsusu be nɔnɔmea ava ka ɖe emea?” Aƒemenɔla: “Nyemenya o.” Gbeƒãɖela tsɔ trakt la nɛ hegblɔ be: “Ame aɖewo susu be nusi le dzɔdzɔm la nye Biblia ƒe nyagblɔɖi ƒe emevava eye xexeame ƒe nuwuwu tu aƒe. Aleke nèsusu tso eŋu?” Aƒemenɔla: “Nyemenya o. Ewɔ nam be ate ŋu adzɔ nenema ya.” Gbeƒãɖela la afia asi trakt la azɔ ahaɖe eme be xexeame ƒe nuwuwu mefia be dziƒo kple anyigba ŋutɔŋutɔ nu ava yi o. Gbeƒãɖela awɔ ɖoɖo ɖe sasrãkpɔ bubu ŋu be woadzro ɖaseɖiɖi si fia be nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu tu aƒe la me.
15 min: “Dzi Nedzɔ Mi le Mɔkpɔkpɔ Me.” Ƒo nu tso Romatɔwo 12:12 ŋu kpuie nàtsɔ aɖee afia be mɔkpɔkpɔ nana Kristotɔ te ŋu doa dzi kple dzidzɔ. Dzro nyabiabia siwo gbɔna, siwo nɔ te ɖe Insight ƒe Babla 1, ƒe axa 1137-40 dzi la me kple nyaselawo. (1) Ƒomedodo ka dzie mɔkpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ si anɔ ame si la nɔ te ɖo? (Ef. 2:11, 12) (2) Nukatae míate ŋu aka ɖe agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔa dzi? (Heb. 6:17-20) (3) Kpeɖodzi kae le mía si be woafɔ amewo ɖe tsitre le anyigba dzi? (Dɔw. 17:31; 24:15) (4) Aleke míate ŋu atu míaƒe Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔa ɖoe? (Heb. 3:6; 6:11; Rom. 5:2-5) (5) Aleke “xɔxɔ ƒe mɔkpɔkpɔ” la ɖea vi na míe? (Kor. II, 3:12; Tes. I, 1:3; 5:8; Yoh. I, 3:2, 3) Ƒo nu tso alesi wòle be míaƒe mɔkpɔkpɔ nanɔ mía ʋãmee ŋu natsɔ aƒo etae. Togbɔ be teƒeɖoɖofetua mesu mía si haɖe o hã la, ele be míaƒe mɔkpɔkpɔa nalé mí ɖe te ne míele dodokpɔwo me tom eye ele be wòaʋã mí míadi mɔ siwo dzi míate ŋu ato ana wòasu ame bubuwo hã si la.—Pet. I, 3:15.
Hadzidzi 151 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme February 15
Hadzidzi 130
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Teokrasi Nyadzɔdzɔwo. Xlẽ gakɔntabubua kple nudzɔdzɔ siwo ɖo Habɔbɔa gbɔ ŋuti nyawo. Kafu hamea le asi si kpem wole ɖe miaƒe hamea kple Habɔbɔa ƒe xexeame katã ƒe dɔa ŋu nuteƒewɔwɔtɔe le ga gome la ta.
20 min: “Dɔwɔnu Veviwo Zazã Nunyatɔe.” Le zimenɔla ƒe gɔmedzenya kpui aɖe megbe la, woawɔ wɔwɔfia eve siwo nɔ te ɖe nya siwo le memamã 2 vaseɖe 5 me la dzi. Le wɔwɔfia gbãtɔa ƒe nuwuwu la, aƒemenɔlaa axɔ magazine eve. Gbeƒãɖela la ado ŋugbe be yeagava ava ɖo biabia si nye, Nukatae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo? la ŋu. Le wɔwɔfia evelia ƒe nuwuwu la, woatsɔ trakt si sɔ ɖe edzi adze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme. De dzi ƒo na wo katã be woaɖo dze tso Ŋɔŋlɔawo me kple aƒemenɔlawo ne wole dɔ wɔm le gbeadzi le kwasiɖa sia ƒe nuwuwu.
15 min: Nusita Kristotɔwo Mewɔa Ʋu Ŋudɔ O. Hamemegã ƒe nuƒo si nɔ te ɖe gɔmeɖeɖe kple tanya sue etɔ̃ gbãtɔ siwo le “Blood” te le Reasoning-gbalẽa ƒe axa 70-2 la dzi.
Hadzidzi 177 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme February 22
Hadzidzi 128
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Midzro nya vevi siwo le nyati “Subɔsubɔ ƒe Mɔnukpɔkpɔ Nyui Aɖe” me la me. Le ɣeyiɣia ƒe mɔɖeɖe nu la, bia nya gbeƒãɖela aɖe si ɖe magazine ƒe ademɔ. Aleke wòdze egɔmee? Aleke wòkpe ɖe eŋu wònyɔ aƒemenɔlaa ƒe ɖetsɔlemee?
15 min: “Àte Ŋu Asubɔ Yehowa abe Mɔɖela Enea?” Dzro eme kple nyaselawo. Bia nya sɔhɛ si nye gbesiagbemɔɖela alo gbeƒãɖela si wɔ mɔɖeɖedɔa esime wònye sɔhɛ. Na alesi dzilawo kple ame bubuwo ate ŋu ade dzi ƒo na sɔhɛwo be woaɖo mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe taɖodzinua gbɔe la nadze ƒã. Ʋã amesiame dzonɔamemetɔe be woabu ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔa wɔwɔ ŋu vevie. Miwɔ ɖoɖo ɖe kpekpeɖeŋumɔɖeɖedɔa wɔwɔ le April me ŋu fifia.
20 min: “Tu Ðetsɔleme Ðo to Tɔtrɔyi Nyuiwo Wɔwɔ Me.” Nuƒo kpui si megbe woawɔ dzeɖoɖo si le memamã 3 lia me la ƒe wɔwɔfia ɖo. Àgate ŋu aƒo nu le gbeƒãɖeɖe ƒe mɔnua me nya vevi aɖewo, abe gɔmedzenyaa alo nya si wogblɔ hafi xlẽ ŋɔŋlɔa ene la ŋu ake ne ɣeyiɣia ɖe mɔ.
Hadzidzi 160 kple gbedodoɖa hena kpakpã.