Le Dzadzra Ðo ɖe Ŋkuɖodzia Ŋuti Me
Miena amesiame, hekpe ɖe nuƒola la ŋu, nya gamea kple teƒe si tututu woaɖui lea? Nuƒola akpɔ ʋu aɖo ava?
Miewɔ ɖoɖo koŋ hena kpɔɖeŋunuawo kpɔkpɔa, eye woasɔ gbe le ɣeyiɣi nyuitɔ dzia?
Miewɔ ɖoɖo koŋ be woatsɔ kplɔ̃dzivɔ si dza aɖo ɖe kplɔ̃a dzi do ŋgɔ eye kplu kple agba gbadzɛ xexlẽme sinu hiã nanɔ edzia?
Ðoɖo kawoe miewɔ ɖe Fiaɖuƒe Akpata me dzadzra ɖo do ŋgɔ ŋu?
Miede dɔ asi na anyinɔƒegbɔkpɔlawo kple amesiwo atsɔ nuawo atsaea? Miewɔ kpekpe kpli wo be miadzro woƒe dɔdasiwo me kpli wo do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia? Ɣekaɣie miewɔe? Aleke woawɔ be woatsɔ nuawo atsa amesiame dzi nyuie?
Miewɔ ɖoɖo si de blibo be miakpe ɖe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo si lãmesẽ mele o ŋua? Miewɔ ɖoɖo be miatsɔ nuawo na amesiaminawo dometɔ siwo tsi teƒe ɖeka eye womate ŋu akpe ta kple hamea oa?