INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/93 axa 7
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Mizã Wo Tsɔ Wu Be Miatsɔ Wo Akɔ Ðe Nudzraɖoƒe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Èle ‘Nuɖuɖu Xɔm Ðe Ɣeyiɣi Nyuitɔ Dzia’?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Miwɔ Míaƒe Magazinewo Kple Agbalẽwo Ŋu Dɔ Nyuie
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 4/93 axa 7

Nyabiaɖaka

◼ Ðe wòsɔ be woagbugbɔ awɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo amã na ame bubuwoa?

Le ƒe geɖe siwo va yi me la, Habɔbɔa ta agbalẽ geɖe siwo ƒo nu le Biblia ƒe sidzedze ƒe akpa ɖesiaɖe kloe ŋu. Amesiwo srɔ̃ nyateƒea le nyitsɔ laa ƒe ƒewo me la, asee le wo ɖokui me be viɖe siwo le agbalẽ siwo wota le ɣeyiɣi siwo va yi me eye womagakpɔ ɖeke le Habɔbɔa gbɔ o la to yewo ŋu. Ame aɖewo dze agbagba ɖesiaɖe be woƒe asi su agbalẽ xoxowo dzi, eye ame aɖewo tsɔe ɖo wo ɖokui dzi be yewoagbugbɔ awɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo amã le mɔ vovovowo nu. Esia lɔ agbalẽwo gbugbɔgata kple emenyawo lelé ɖe kɔmpiuta dzi ɖe eme. Le ame aɖewo gome la, wole ewɔm le ga ƒe viɖe kpɔkpɔ ta.

“Dɔla” nuteƒewɔla la nya míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo eye wò naa wo mí “le ɣeyiɣi nyui dzi.” (Mat. 24:45) Esime wòhiã be woagbugbɔ agbalẽ aɖe si wota le ɣeyiɣi si va yi me awɔ la, Habɔbɔa wɔ ɖoɖo ɖe esia ŋu. Le kpɔɖeŋu me, wogbugbɔ ta ƒe 1960 vaseɖe ƒe 1985 me ƒe Watchtower-bablawo be ɖe nasu amesiame si. Gake ne ame ɖekaɖekawo gbugbɔ wɔ agbalẽ siawo le wo ɖokui si hemãe la, ate ŋu ahe kuxi siwo mehiã hafi o vɛ.

Nɔnɔme sesẽ siwo nyea ŋkubiãnya la doa mo ɖa ne wogbugbɔ wɔ agbalẽ siawo hemãe le ga ƒe viɖe ta. October, ƒe 1977 me ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ la gblɔ be: “Enyo wu be míatsri teokrasi ƒe ƒuƒoƒowo ŋudɔ wɔwɔ anɔ gbe ƒã ɖem le nudzadzrawo alo asitsanuwo ƒe viɖe ta le Fiaɖuƒe Akpata, hamea ƒe agbalẽ me nusrɔ̃ƒe kple Yehowa ƒe amewo ƒe takpekpewo me. Esia akpe ɖe mía ŋuti be míatsɔ beléle, si dze la na gbɔgbɔmenuwo eye míaɖo asitsanuwɔnawo teƒe nyuitɔ, si dze nɛ la.” Eyata, ele vevie be míaƒo asa na viɖedilawo zuzu le Mawu ƒe Nya alo nya bubu siwo do ƒome kplii la tsɔtsɔ tsa asii me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe