Subɔsubɔkpekpewo Hena July
Kwasiɖa si Dze Egɔme July 5
Hadzidzi 162
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. De dzi ƒo na nɔviwo be woaɖi vomeɖase. Wɔ alesi viɖe le magazinewo tsɔtsɔ ɖe asi hena zazã le vomeɖaseɖiɖi me ƒe wɔwɔfia.
15 min: “Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu be Woasrɔ̃ Nu le Ame Vevitɔ Ŋu.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo tsɔtsɔ dzro emee. Ne ɣeyiɣia ɖe mɔ la, na nyaselawo nagblɔ alesi wose vivi na agbalẽa sɔsrɔ̃ le Hame ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒee la afia.
20 min: “Zã Traktwo Tsɔ Ƒo Nu tso Ame Vevitɔ ƒe Agbalẽa Ŋui.” Dzro eme kple nyaselawo. Wɔ wɔwɔfia eve. Gbãtɔ nanɔ te ɖe aɖaŋu si woɖo ɖe memamã 2 lia dzi. Zã ŋgɔdonya si sɔ eye wòwɔa dɔ tsɔ wu be nàzã “Menye Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka,” esi nye ŋgɔdonya si bɔ akpa la. Wɔwɔfia evelia nanɔ te ɖe aɖaŋu si woɖo ɖe memamã 4 lia dzi. Zã ŋgɔdonya bubu si sɔ eye wòwɔa dɔ, eye nàyi dzeɖoɖoa dzi abe alesi woɖo eƒe aɖaŋui ene.
Hadzidzi 205 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme July 12
Hadzidzi 196
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Ƒo nu tso magazinewo me dzeɖonya siwo woate ŋu azã le gbeadzisubɔsubɔdɔ me le kwasiɖa sia me ŋu.
15 min: Nyabiaɖaka. Hamemegã ƒe nuƒo. Te gbe ɖe alesi wòle vevie be míaɖɔ ŋu ɖo le míaƒe nuwɔnawo me ne míeyina nyɔnyrɔ̃xɔƒe la dzi. Gblɔ January 1992 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe Nyabiaɖaka me nya siwo do ƒome kplii hã kpe ɖe eŋu.
20 min: “Nusita Traktwo Hiã Vevie le Míaƒe Subɔsubɔdɔa me Egbea.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro. Ne èdzro memamã mamlea me vɔ la, wɔ alesi wòle bɔbɔe be woazã trakt le vomeɖaseɖiɖi me ƒe wɔwɔfia kpui aɖe.
Hadzidzi 126 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme July 19
Hadzidzi 79
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ƒo nu tso April Subɔsubɔkɔntabubu ŋu. Ƒo nu tso akpa si miaƒe hamea wɔ le ɣleti ma ƒe gbeadzikɔntabubua me hã ŋu. Xlẽ gakɔntabubu kple nudzɔdzɔ ƒe akpedalɛta siwo miexɔ hã. Kafu hamea ɖe woƒe asi kpekpe ɖe hamea ƒe nuhiahiãwo kple Habɔbɔa ƒe xexeame katã ƒe dɔa ŋu ta.
15 min: “Ame Vevitɔ ƒe Agbalẽa Tsɔtsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔmee.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro. Ne èdzro memamã 2 lia me vɔ la, wɔ alesi woadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme le agbalẽa me ƒe wɔwɔfia. Gbeƒãɖela xlẽ agbalẽa ƒe ta 111 ƒe memamã gbãtɔ etɔ̃awo tsɔ dze egɔme eye wòzã aɖaŋu si woɖo ɖe nyatia ƒe memamã 2 lia tsɔ yi dzeɖoɖoa dzii.
20 min: “Kpekpe Ðe Ðeviwo Ŋu be Kpekpewo Naɖe Vi na Wo.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro. Le nyatia me dzodzro vɔ megbe la, bia nya ɖevi etɔ̃ siwo xɔ ƒe vovovowo le nuƒolanɔƒea. Dzila bia nya ɖevi suetɔ be wòagblɔ eƒe susu le alesi wòle vevie nɛ be wòadɔ alɔ̃ vie hafi ayi kpekpewo me ŋu; ebiae nusi wòate ŋu awɔ atsɔ axe mɔ na aɖuɖɔɖɔƒe yiyi edziedzi hã. Le ɖevi si kplɔe ɖo gome la, dzila ɖo ŋku ɖoɖo si li be ɖevia nagblɔ nusi wòsrɔ̃ le kpekpewo me la dzi nɛ. Dzila bia tso ɖevia si be wòagblɔ nyitsɔ laa ƒe dutoƒonuƒo alo Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ me nyati veviwo alo nusi me wodzro le nyitsɔ laa ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ me. Dzila bia ɖevi tsitsitɔ alesi kpekpewo kpe ɖe eŋui be wòte ŋu kpɔ eya ŋutɔ ƒe kuxiwo gbɔ, alo nɔnɔme siwo wòdoa goe le suku, amesiwo wòade ha kpli, nuƒoƒo dzadzɛ, alo agbenyuinɔnɔ, kple bubuwo gbɔe la ŋu. De dzi ƒo na ɖeviwo katã dzonɔamemetɔe be woaɖo to nyuie le kpekpewo me.
Hadzidzi 157 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme July 26
Hadzidzi 130
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Teokrasi Nyadzɔdzɔwo. He susu yi dzeɖonya ʋee aɖewo dzi le magazine siwo do nyitsɔ laa me siwo woate ŋu azã le tso aƒeme yi aƒeme dɔa me alo ne wole vomeɖase ɖim dzi.
20 min: “De Gbeadzi Ɣesiaɣi.” Subɔsubɔdɔdzikpɔla alo nɔviŋutsu bibi bubu ƒe nuƒo. To nya siwo le Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu gbalẽa ƒe axa 106-10 me alesi ɣeyiɣi aɖe mɔe. Te gbe ɖe alesi wòhiãe be mí katã míakpɔ gome le subɔsubɔdɔa me edziedzi eye míatsɔ akɔntabubuwo ana kaba le ɣletia ƒe nuwuwu la dzi.
15 min: Miaƒe nuhiãhiãwo. Àte ŋu adzro hamea ƒe nuhiãhia siwo ŋu nutome sue dzikpɔla ƒo nu tsoe le eƒe nyitsɔ laa ƒe sasrãkpɔa me la me. Ƒo nu tso nusi koŋ woate ŋu awɔ le afisi ŋgɔyiyi hiã le la ŋu.
Hadzidzi 71 kple gbedodoɖa hena kpakpã.