Nusi Wodi tso Subɔla Yeyewo Kple Esiwo Kpɔ Nuteƒe Si
1 Hakpala Dawid bia be: “Yehowa, ameka adze wò agbadɔ me, eye ameka anɔ wò to kɔkɔe la dzi ma?” Dawid ɖo eŋu kple nya ʋee aɖe siwo ŋu wòbu nyuie be: “Amesi fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o, ewɔa nu dzɔdzɔe, eye wòtoa nyateƒe le eƒe dzi me.” (Psalmo 15:1, 2) Nudidi mawo metrɔ o. Ele be amesiwo katã va be yewoasubɔ le Kristo-hamea me natsri agbegbegblẽnuwɔnawo kple ahamumu. Dzrewɔlawo, amesiwo doa dziku helĩhelĩ, kple alakpatɔwo mate ŋu anɔ Yehowa ƒe amewo dome o. Míeɖanye subɔla yeye alo esiwo kpɔ nuteƒe o, ele be míawɔ nuteƒe be míalé dzidzenu kɔkɔ siwo le Mawu ƒe Nya la me ɖe asi.—Gal. 5:19-21.
2 Ame yeye geɖewo va le ha dem kple Yehowa ƒe habɔbɔa. Ðeviwo kple ame tsitsiwo siaa trɔ wɔ woƒe tamesusu yeyee be woƒe agbenɔnɔ nasɔ ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu. Dziehe Amerika ŋutsuvi aɖe tsi dzilawo ƒe mɔfiafia manɔmee eye eƒe agbanɔnɔ va gblẽ ŋutɔ. Kaka wòaxɔ ƒe 18 la, edze atike vɔ̃ɖiwo zazã gɔme eye enɔ gaxɔ me ɣeyiɣi aɖe xoxo le esi wòfi fi be yeatsɔ akpɔ atike vɔ̃ɖia ƒlegae ta. To Biblia sɔsrɔ̃ me la, eva dzudzɔ hadede kple eƒe zɔhɛ tsãtɔwo, eye wòdze xɔlɔ̃ yeyewo le Yehowa Ðasefowo dome, eye mlɔeba etsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Mawu.
3 Ele be míawo hã míaɖoe kplikpaa nenema ke be míawɔ nusi adze Mawu ŋu le míaƒe nuwɔna katã me “le nyateƒe la ƒe dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye la me.” (Ef. 4:24) Ne míedi be míakpɔtɔ anɔ Mawu ƒe habɔbɔ si le abe to ene me la, ekema ele be “míaɖe ame xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖa” eye “[míado] ame yeye, si wowɔ yeye hena sidzedze.”—Kol. 3:9, 10.
4 Mawu ƒe Nya la Nye Ŋusẽkpɔɖeamedzinu Sesẽ Aɖe: Yehowa ƒe amenyenye si woɖe fia mí le Biblia me la ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe míaƒe tamesusu, kple nuwɔna dzi le mɔ nyui aɖe nu. (Rom. 12:2) Eƒe Nya la te ŋu wɔa susuwo yeyee eye wòdzroa dziwo me kpɔna. (Heb. 4:12) Ŋɔŋlɔawo siwo tso gbɔgbɔ me la fia mí be Yehowa ƒe didie wònye be míanɔ agbe nyui, akpɔ gome le gaglãgbesubɔsubɔdɔa me bliboe, eye míagagblẽ Kristotɔwo ƒe kpekpewo ɖi o.
5 Le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la, nyaƒoɖeamenu siwo le dzidzim ɖe dzi ate ŋu ana Kristotɔ nada Mawu ƒe sewo dzi. Ne míegblẽ ɖokuisinusɔsrɔ̃, ƒomenusɔsrɔ̃, hame ƒe kpekpewo, alo subɔsubɔdɔa ɖi la, amesi nye Kristotɔ like kpɔ gɔ̃ hã ate ŋu adzo le nyateƒea me, ɖewohĩ ava nɔ agbe baɖa gɔ̃ hã nɔm. Esia tae Paulo ŋlɔ na Timoteo be: “Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia la dzi nyuie” kple “Bu nusi gblɔm mele la me kpɔ [ɣesiaɣi].”—Tim. I, 4:16; Tim. II, 2:7.
6 Èɖanye ame yeye alo amesi kpɔ nuteƒe ƒe geɖe o, ɖoe wòanye wò taɖodzinu be nàwɔ gbeadzisubɔsubɔdɔa le subɔsubɔƒe ɖesiaɖe ƒe ɣleti wuieveawo katã me. Ðoe kplikpaa be nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu be woatsi le xɔse me, eye woadzi woƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa ɖe edzi. (Rom. 1:12) Na wò susuwo nanɔ nu nyuiwo ŋu to alesi nàwɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃, kple ƒomenusɔsrɔ̃, ahade kpekpewo edziedzi me. (Fil. 4:8) Agbagba siwo nàdze be yeawɔ ɖe Mawu ƒe nudidiwo dzi ne wòadze eŋu la adze godoo.—Kol. 3:23, 24.