Mikpe Ðe Amesiwo Ði Alẽwo Ŋu be Woƒe Gɔmeɖoanyi Nasẽ
1 Xɔ tutu bia ɖoɖo nyui wɔwɔ kple agbagbadzedze geɖe. Ne wowɔ xɔa ƒe nɔnɔmetata vɔ la, ele be woadzra xɔtuƒea ɖo ahaɖo gɔmeɖoanyi sesẽ nɛ. Nenema ke míeɖoa gɔmeɖoanyii ne míefia Mawu kple eƒe tameɖoɖo na ameƒomea ŋuti nyateƒenya veviwo amewo.—Luka 6:48.
2 Gake hafi míaɖo gɔmeɖoanyia la, ehiã be míadzra xɔtuƒea ɖo eye míabu aƒemenɔlaa ƒe nɔnɔmewo ŋu. Nyati ka ŋue mieɖo dze le va yi? Ŋɔŋlɔ kawoe miezã? Aleke amea xɔ nya lae? Agbalẽ kae wòxɔ? Ne ètrɔ yina la, nyati tɔxɛ aɖewo nenɔ susu me na wò eye wò gɔmeɖoanyia ɖoɖo nanɔ ŋgɔ yim.
3 Ne èna “Kingdom Come” ƒe gbalẽa la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Edzɔ dzi nam ŋutɔ be metu wò le aƒeme. Àɖo ŋku edzi be le dze si míeɖo va yi me la, míedzro nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe ŋkeke mamleawo ŋuti nyagblɔɖiwo ƒe emevava me. Biblia gblɔe eme kɔ be Mawu tsɔ ɖe le eme na ameƒomea eye be ne eƒe Fiaɖuƒedziɖuɖu xɔ anyigba dzi keŋkeŋ vɔ la, woayra ame dzɔdzɔewo. [Xlẽ Mateo 6:9, 10.] Eƒe Fiaɖuƒea ahe dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe vɛ.” Xlẽ Yesaya 11:3-5, eye nàhe aƒemenɔlaa ƒe susu ayi “Kingdom Come” ƒe agbalẽa ƒe ta 1 ƒe memamã gbãtɔ eveawo dzii. Miwɔ alesi miate ŋu asrɔ̃ agbalẽa kplii la fiae.
4 Ne Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye ƒe trakt lae nèna le yiyi zi gbãtɔ me la, miate ŋu adzro nyati vevi siwo ƒo nu tso alesi wòhiã be míaƒe nɔnɔmewo nanyo ɖe edzi kple Biblia ƒe ŋugbedodo siwo me miedzro va yi ŋu la me ake. Te gbe ɖe edzi be hafi míate ŋu anɔ agbe le xexe yeyea me la, ele be sidzedze vavãtɔ nasu mía si. Xlẽ Yohanes 17:3. Ðe eme be ne sidzedze ma su mía si vɔ la, ele be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Xlẽ Yohanes I, 2:17. He aƒemenɔlaa ƒe susu yi nyati vevi siwo le trakt la ƒe axa 5 lia dzi.
5 Ne ƒomegbenɔnɔ ŋuti nyatia ŋue mieɖo dze tsoe esi nèle “True Peace” gbalẽa nam le sasrãkpɔ gbãtɔ me la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Esi meva nyitsɔ la, miedzro ƒomegbenɔnɔ ƒe nyatia me, eye nusi ana ŋutifafa nanɔ ƒomea me ŋu koŋ ye míeɖo dze le. Míelɔ̃ ɖe edzi be hafi míakpɔ dzidzɔ le ƒomegbenɔnɔ me la, ele be míawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi. Nukae nèsusu be ehiã be míawɔ be míakpɔ dzidzedze le srɔ̃ɖeɖe me? Na wòaɖo eŋu. Te gbe ɖe nyati vevi siwo le True Peace gbalẽa ƒe axa 142-7 kple axa 151 la dzi. Bia tso aƒemenɔlaa si be wòaƒo nu tso ŋɔŋlɔ siwo le eme la ŋuti, eye miadzro nyati tiatia aɖewo siwo asɔ me. Te gbe ɖe viɖe siwo le Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu la dzi.
6 Ne Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me ƒe trakt ye nègblẽ ɖe egbɔ la, midzro Biblia me gɔmeɖose vevi siwo le axa 4 kple 5 me. Le ema megbe la, tsɔ agbalẽ eveawo nɛ. Fia asi nyati siwo sɔ le True Peace gbalẽa ƒe ta 12, 13, kple 16, eye nàɖe alesi miate ŋu asrɔ̃e kple aƒemenɔlaa kple eƒe ƒomeae le aƒeme Biblia-nusɔsrɔ̃ ɖoɖoa me nɛ.
7 Ele be mí katã míakpɔ gome le tɔtrɔyiwo wɔwɔ me edziedzi. Trɔ yi amesiwo katã ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ be nàwɔ tɔtrɔyi tsekuwo le September me.