INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/93 axa 2
  • Ƒegbalẽ La—Dzideƒotsoƒee Wònye

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ƒegbalẽ La—Dzideƒotsoƒee Wònye
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 12/93 axa 2

Ƒegbalẽ La—Dzideƒotsoƒee Wònye

1 Yehowa ƒe dɔwɔwɔ wɔnukuwo ŋuti nyatakakawo kple nuteƒekpɔkpɔwo nye akɔfafatsoƒe na Mawu subɔlawo ɣesiaɣi. (Hiob 38:4, 7; Lod. 25:25; Luka 7:22; Dɔw. 15:31) Eyatae Yehowa Ðasefowo ƒe Ƒegbalẽ la nye dzideƒotsoƒe ɖo.

2 Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔnawo kple wo metsonuwo ŋuti nyatakaka tuameɖo siwo tso xexeame katã nɔa Ƒegbalẽ ɖesiaɖe me. Nuteƒekpɔkpɔ siwo tua xɔse ɖo ɖea alesi Yehowa fiaa mɔ eƒe amewo, alesi wòkpɔa wo ta, eye wòyraa woe la fia. Ƒegbalẽa ƒoa nu tso ŋutsu kple nyɔnu siwo nu metia kɔ na o siwo dzo le woƒe ƒomewo, xɔlɔ̃wo gbɔ, kple wo denyigba dzi be yewoatsɔ Biblia me nyateƒewo ayi na amesiwo le anyigbagãwo katã kple ƒukpo geɖe dzi la ŋu.

3 Ƒegbalẽa ʋã exlẽla geɖewo be wodzi woƒe subɔsubɔ si wotsɔna na Mawu la ɖe edzi. Exlẽla aɖe ŋlɔ be: “Exexlẽ menɔ tsɔtsɔm nam o. Akpa si mexlẽ vaseɖe fifia la de dzi ƒo nam ale gbegbe. Esi mekpɔ nusi ame geɖewo le wɔwɔm le nɔnɔme sesẽwo me la, ena mese le ɖokuinye me be mate ŋu awɔ geɖe wu le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me.”

4 Tso ƒe 1927 me ke la, wotaa nyatakaka kple nuteƒekpɔkpɔ ʋãmewo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Ƒegbalẽa me ƒe sia ƒe. Ðe nèkpɔa viɖe bliboe tso dzideƒotsoƒe tɔxɛ sia mea? Be nàkpɔ viɖe bliboe la, kpɔ egbɔ be nàxlẽ Ƒegbalẽa ne esu asiwò teti ko. Emegbe nàdzro akpa vevi siwo ade dzi ƒo na mia kple wò ƒomea la me le ƒea katã me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe