INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/93 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena December

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena December
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme December 6
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme December 13
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme December 20
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme December 27
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 12/93 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena December

MIDE DZESII: Míewɔ ɖoɖo ɖe December ƒe kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Subɔsubɔkpekpe ŋu le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me. Hamea ate ŋu awɔ asitɔtrɔ le eŋu be miakpɔ mɔnu ayi “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpea eye emegbe miatsɔ aɖabaƒoƒo 30 adzro takpekpenuƒoawo me le kwasiɖa si akplɔe ɖo ƒe Subɔsubɔ Kpekpea me. Ele be woatsɔ takpekpeŋkeke ɖesiaɖe ƒe nuƒowo me dzodzro ade asi na nɔviŋutsu eve alo etɔ̃ do ŋgɔ, amesiwo ate ŋu ate gbe ɖe nya vevi siwo ɖe dzesi dzi. Numedzodzro sia si ŋu wodzra ɖo ɖo nyuie la akpe ɖe hamea ŋu be woaɖo ŋku nya veviwo dzi be woawɔ eŋudɔ le woƒe agbenɔnɔ me ahazãe le gbeadzi. Nyaselawo ƒe ŋuɖoɖowo kple nuteƒekpɔkpɔwo nanɔ kpuie eye wòaku ɖe nya veviawo ŋu tẽ.

Kwasiɖa si Dze Egɔme December 6

Hadzidzi 205

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo.

20 min: “Kpe Ðe Amewo Ŋu be Woasrɔ̃ Nu tso Mawu ƒe Vi Yesu Kristo Ŋu.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo. Wɔ ɖaseɖiɖi ƒe mɔnu si le memamã 2 lia me (gbeƒãɖela bibi nawɔe) kple memamã 4 lia (sɔhɛ gbeƒãɖela nawɔe) ƒe wɔwɔfia. De dzi ƒo na nɔviwo katã be woana Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa le aƒeme yi aƒeme dɔa kple vomeɖaseɖiɖi siaa me.

15 min: “Ðo Ɣeyiɣi Ði na Magazinedɔ Wɔwɔ.” Nuƒo si me nyaselawo nakpɔ gome le. Ne èle memamã 3 lia me dzrom la, wɔ alesi woate ŋu atsɔ magazine yeyewo me nyati vovovowo afia ame ƒomevi vovovo siwo miado go le miaƒe anyigbamamã me ƒe wɔwɔfia.

Hadzidzi 169 kple gbedodoɖa hena kpa- kpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme December 13

Hadzidzi 146

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo, gakɔntabubu, kple nudzɔdzɔwo ŋuti akpedanyawo. Kafu hamea le alɔdodo miaƒe hamea kple Habɔbɔa ƒe Fiaɖuƒe Akpata Tuga kpakple Habɔbɔa ƒe xexeame katã ƒe dɔa ta. Ƒo nu tso ŋgɔdonya ɖeka alo eve siwo woate ŋu azã le gbeadzisubɔsubɔdɔ me kwasiɖanuwuwu sia ŋu.—Kpɔ Reasoning-gbalẽa ƒe axa 10-14.

20 min: “Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔmedzedze le December Me.” Numedzodzro kple nyaselawo. Ne miele memamã 4 lia me dzrom la, wɔ alesi woadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme le tɔtrɔyi me ƒe wɔwɔfia. De dzi ƒo na amesiame be wòawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ ɣleti sia ɣleti ne anya wɔ.

15 min: “Ƒegbalẽ La—Dzideƒotsoƒee Wònye.” Dzonɔameme ƒe nuƒo le mawunyakpukpui siwo woyɔ ŋudɔwɔwɔ ŋu. Wɔ ɖoɖo be gbeƒãɖela siwo dzra ɖo nyuie natsɔ dzonɔameme aƒo nu le nyati kple nuteƒekpɔkpɔ siwo dze le Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo nye January 1, 1990, January 1, 1987, kple January 1, 1986 tɔwo me.

Hadzidzi 165 kple gbedodoɖa hena kpa- kpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme December 20

Hadzidzi 189

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gblɔ ɖoɖo si miewɔ le mia gbɔ ɖe December 25 dzi ɖaseɖiɖi ŋu, ne hamea mayi takpekpe le ŋkeke ma dzi o.

20 min: “Ðo Wò Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe Dzi Gbɔ.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo kple wɔwɔfia. Te gbe ɖe nya vevi sia dzi be hamea me tɔ ɖesiaɖe nadze agbagba atu nufiafia ƒe aɖaŋu ɖo. Ne miedzro memamã 3 lia me vɔ la, na gbeƒãɖela nazã nyabiabia kple mawunyakpukpui siwo le Agbe Tegbee ƒe agbalẽa ƒe ta 1, memamã 13 kple 14 awɔ alesi woade ŋugble kple Biblia-nusrɔ̃vi ƒe wɔwɔfia.

20 min: “Sɔhɛwo—Mido Dzidzɔ na Yehowa ƒe Dzi.” Hamemegã eve nadzro memamã 1-18 me. Woate gbe ɖe viɖe siwo sɔhɛwo kpɔna le kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo me dzi. Midzro mawunyakpukpuiawo me alesi ɣeyiɣi aɖe mɔe.

Hadzidzi 80 kple gbedodoɖa hena kpa- kpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme December 27

Hadzidzi 37

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Teokrasi Nyadzɔdzɔwo. Gblɔ ɖoɖo si miewɔ ɖe January 1 ƒe ɖaseɖiɖi tɔxɛ ŋu. Wɔ alesi miana January ƒe agbalẽnunana la le mia gbɔ ƒe wɔwɔfia.

20 min: “Sɔhɛwo—Mido Dzidzɔ na Yehowa ƒe Dzi.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo tsɔtsɔ dzro emedegbalẽvia ƒe memamã 19-33 mee. Bia nya gbeƒãɖela ɖeka alo eve siwo nye sɔhɛwo. Na nɔviwo nagblɔ alesi hame ƒe kpekpeɖeŋu na be sɔhɛwo yi ŋgɔ le gbɔgbɔ mee.

15 min: Nyabiaɖaka. Nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro kple nyaselawo. Wɔ wɔwɔfia si me gbeƒãɖela sɔhɛ le eya kple exɔlɔ̃wo siwo le hamea me nu ƒoƒo ƒu be wòanye hadomeƒuƒoƒo ŋu bum. Eyi ɖe hamemegã gbɔ be yeadzro yeƒe ɖoɖowo me kplii eye wòxɔ Ŋɔŋlɔa me ƒe aɖaŋuɖoɖo si sɔ.

Hadzidzi 90 kple gbedodoɖa hena kpa- kpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe