Nyabiaɖaka
◼ Nukae wòle be míawɔ ne aƒemenɔla la te tɔ ɖe edzi kokoko be yemedi be Yehowa Ðasefowo nava ye ƒeme o?
Togbɔ be menye nusi bɔ o hã la, ne míekpɔ nuŋɔŋlɔ aɖe le aƒe aɖe ƒe agbo nu si gblɔ be womegatsɔ mawunya va aƒea me o alo nuŋɔŋlɔa yɔ Yehowa Ðasefowo ŋkɔ tẽ la, anyo wu be míawɔ aƒemenɔla la ƒe didi dzi nɛ eye míagaƒo ʋɔa o.
Ɣeaɖewoɣi la, míakpɔ nuŋɔŋlɔ si agblɔ be womele nudzralawo dim le aƒea me o. Esi wònye mawusubɔsubɔdɔ si nye dɔmenyodɔ wɔm míele ta la, nya ma meku ɖe mía ŋu o. Asɔ be míaƒo ʋɔ ma. Ne aƒemenɔla la tsi tre ɖe mía ŋu la, míate ŋu atsɔ ayedzedze aɖe nusita míebui be nuŋɔŋlɔ mawo meku ɖe mía ŋu o la me nɛ. Ne aƒemenɔla la gblɔ be Yehowa Ðasefowo hã le sedede ma me la, míawɔ ɖe eƒe didia dzi nɛ. Ele be míade dzesii ɖe agbalẽ dzi, aŋlɔ ɣletiŋkekea akpe ɖe eŋu atsɔ ade kotoku si me míedea anyigbamamãgbalẽvi lae ale be gbeƒãɖela siwo le dɔ wɔm le anyigbamamãa me magayi aƒe ma me o.
Gake ele be wòanɔ susu me na mí be mele be míagbe aƒe ma me yiyi tegbee o. Amesiwo le aƒea me fifia ate ŋu aʋu. Míate ŋu ayi ƒomea me tɔ bubu si aɖo to gbɔ. Ate ŋu ava eme be aƒemenɔla si míeƒo nu na la ƒe susu atrɔ eye wòalɔ̃ be míanɔ vavam azɔ. Eyata ne ewɔ vie la, míate ŋu abia gbe aƒea me tɔwo ase aɖaŋutɔe be míanya alesi woƒe seselelãme le fifia.
Ele be woato agbalẽ si dzi wodea dzesi amesiwo wode anyigbamamãwo asi na la me zi ɖeka ƒe ɖeka, ale be míaŋlɔ aƒe siwo me wogblɔ na mí be míagage ɖo o la ɖi. Le subɔsubɔdɔdzikpɔla ƒe mɔfiafia te la, woate ŋu ade dɔ asi na gbeƒãɖela siwo dze aye eye wokpɔ nuteƒe dometɔ aɖewo be woayi aƒe siawo me. Ele be gbeƒãɖela siawo nanya nya siwo le Reasoning-gbalẽa ƒe axa 15-24 si ƒe tanyae nye “Alesi Nàte Ŋu Aɖo Dzeɖoɖonutsinyawo Ŋui” me la nyuie. Ne amea ɖo to la, ke míate ŋu atrɔ ayi egbɔ abe alesi míeyia amewo gbɔe ɖaa ko ene. Ne aƒemenɔla la gagbe toɖoɖo kokoko la, ke mele be míagatrɔ yi egbɔ o vaseɖe esime ƒea natrɔ hafi. Ne nɔnɔme tɔxɛ aɖe na wòhiã be woakpɔ nyawo gbɔ le mɔ bubu nu la, hamemegãwo ƒe ha la ate ŋu atso nya me le nusi woawɔ ŋu.