Gbeƒãɖeɖewo
◼ January ƒe agbalẽnunana: Axa 192-gbalẽ ɖesiaɖe si wota ɖe pepa si ƒe ŋkume biã dzi alo esi ƒe amadede trɔ alo esiwo wota do ŋgɔ na ƒe 1980. Gbeƒãɖelawo kple kpekpeɖeŋu mɔɖelawo axɔe ɖe asia ƒe afã si nye ₵350.00 dzi. Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo axɔe ₵180.00. MIDE DZESII: Ƒomegbenɔnɔ-gbalẽa koe mele eme o. Togbɔ be wotae do ŋgɔ na ƒe 1980 hã la, míana gbegbɔgblɔ ɖesiaɖe me tɔ ɖe asi yeyea dzi ke menye ɖe asi afã dzi o. Ele be gadzikpɔla nazã “Remittance and Credit Request” (S-20) bubu atsɔ abia fedziɖeɖe na esiwo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo xɔ eye wòazã agbalẽvi sia ƒe bubu na esiwo gbeƒãɖelawo kple kpekpeɖeŋu mɔɖelawo xɔ. Hame siwo si agbalẽ siawo mele o la ate ŋu ana Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee ƒe agbalẽa. February: Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi. March: Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! April kple May: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo kple agbalẽ gbadza ɖesiaɖe (negbe Suku-gbalẽ gbadza la koe mele eme o).
◼ Hamewo nawɔ ɖoɖo ɖe Ŋkuɖodzi si míaɖu le ƒe sia me le Memleɖagbe, March 26 le ɣeɖoto megbe la ŋu nyuie. Mele be Ŋkuɖodzia natsi megbe akpa hafi adze egɔme ale be vava nasesẽ na ɖetsɔlemetɔ yeyewo o. Hekpe ɖe eŋu la, mele be ɖoɖoa namiã ale gbegbe be womakpɔ ɣeyiɣi ado gbe na amedzrowo do ŋgɔ na wɔna la kple le emegbe o, miwɔ ɖoɖo miakpe ɖe wo dometɔ aɖewo ŋu le gbɔgbɔ me alo ade dzi ƒo na vavalawo katã.
◼ Tso March me la, dzikpɔla mɔzɔlawo ƒe dutoƒonuƒo si woaƒoe nye “Ameƒomea ƒe Ŋèŋe—Ɣekaɣie Wòawu Enu?”
◼ Woaƒo ƒe 1994 Ŋkuɖodziɖuɣi ƒe nuƒo tɔxɛa le xexeame katã le Kwasiɖa, April 10 dzi. Nuƒoa ƒe tanyae nye “Ðe Subɔsubɔhawo Do Kpo Nusi Ameƒomea Le Mɔ Kpɔm na tso Wo Gbɔ la Wɔwɔa?” Míaɖo nuƒogbalẽa ɖe mí. Hame siwo gbɔ nutome sue dzikpɔla anɔ alo esiwo awɔ nutome sue takpekpe le kwasiɖanuwuwu ma la naƒo nuƒo tɔxɛa le kwasiɖa si kplɔe ɖo me. Hame aɖeke megaƒo nuƒo tɔxɛa do ŋgɔ na April 10 o.
◼ Taflatse mide dzesii be ele be miakpe “Advance Medical Directive/Release” ƒe agbalẽvia ɖo le aƒeme, gake miatsɔe ava Hame ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒee be ame aɖe naɖi ɖase le eŋu, ade asi ete ahaŋlɔ ɣletiŋkekea ɖe edzi na mi.