Kpe Asi Ðe Miaƒe Hamea ƒe Dutoƒo Kpekpe ƒe Ðoɖowo Ŋu Bliboe
1 Ƒe aɖewoe nye esia la, ɖekakpui aɖe fɔ agbalẽvi si wotsɔ ɖe gbeƒã hame si le woƒe nutoa me ƒe kpekpewoe. Esi wònɔ nyateƒea dim ta la, eɖoe be yeayi Dutoƒo Kpekpea le kwasiɖa ma ƒe Kwasiɖagbe, eva ɖo nusrɔ̃ƒea kaba. Gbeƒãɖela aɖe do gbe nɛ nyuie eye le woƒe dzeɖoɖo me la, egblɔ be yeasrɔ̃ Biblia kplii, ke egbe. Gake dutoƒonuƒo si ŋu wodzra ɖo ɖo nyuie heƒo la ʋae ale gbegbe be etrɔ eƒe susu, eye le kpekpea megbe la, elɔ̃ be woasrɔ̃ nu kple ye. Ðekakpui sia wɔ ŋgɔyiyi kabakaba eye wòxɔ nyɔnyrɔ̃ le ɣleti geɖe megbe. Míate ŋu asrɔ̃ nufiame nyui etɔ̃ ya teti tso nuteƒekpɔkpɔ sia me.
2 Gbã la, woɖe gbeƒã Dutoƒo Kpekpea. Ðe nèzãa agbalẽvi siwo dzi woŋlɔ nu ɖo la tsɔ naa amewo nyaa miaƒe hamea ƒe kpekpewoa? Ne zimenɔla la gblɔ dutoƒonuƒo si woaƒo le kwasiɖa si akplɔe ɖo me ƒe tanya la, bu miaƒe anyigbamamã me tɔ siwo nyatia adzɔ dzi na vevie la ŋu, woɖale míaƒe agbalẽwo xlẽm fifia alo womele exlẽm o. Nuxexlẽ mevivia ame aɖewo nu o, alo exexlẽ sesẽna na wo gake woalɔ̃ be yewoase nuƒo si wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo me nyati aɖe dzi ya.
3 Eveliae nye be wotsɔ vividoɖeameŋu do dzaa na amedzroa. Ne èwɔ ɖoɖo va nusrɔ̃ƒea kaba alesi nàte ŋui la, àte ŋu ado gbe na nɔviwòŋutsuwo kple nɔviwònyɔnuwo kpakple ɖetsɔlemetɔ ɖesiaɖe si ava. (Heb. 10:24) Ne emae nye zi gbãtɔ amedzroa va la, manya nusi ayi edzi o. Ðe eme nɛ be míetsɔa hadzidzi kple gbedodoɖa dzea míaƒe kpekpewo gɔmee, eye nàgblɔ alesi woakpɔ kpekpea dzii la nɛ. Ne asɔ la, na wòanɔ gbɔwò ale be nàzã wò Biblia kple hadzigbalẽ kplii. Gblɔ nɛ be ne kpekpea wu enu la, ate ŋu abia nya sia nya ye faa.
4 Etɔ̃lia, wodzra nuƒoa ɖo nyuie. Amesiwo si mɔnukpɔkpɔ su be woanɔ hamea teƒe aƒo dutoƒonuƒo la tsɔa gaƒoƒo geɖe dzrana ɖo ɖe nuƒoa ŋu hetoa eme be woaʋã nyaselawo be woalɔ̃ wo nɔewo ahawɔ dɔ nyuiwo ɖe edzi wu. Nu le tetem ɖe mí katã dzi egbea, eye Mawu ƒe Nya la me nyateƒe fadzinamewoe nye nusi tututu hiã mí be woakpe ɖe mía ŋu míado dzi. Nyateƒee, nya ka kee woagblɔ le dutoƒonuƒoa me o, ne míelé to ɖe nusi gblɔm wole ŋu o la, maɖe vi aɖeke na mí o. Ðe wòsesẽna na wò ɣeaɖewoɣi be wò susu nakplɔ nuƒoa ɖo ne ele edzi yimaa? Anyo be nàŋlɔ nya ʋee aɖewo ɖi, abe alesi míewɔnɛ zi geɖe le míaƒe takpekpewo mee ene. Kpɔ egbɔ be nàʋu wò Biblia ne wole Ŋɔŋlɔawo xlẽm hele wo me ɖem.
5 Habɔbɔa dzra dutoƒonuƒo siwo dzro Ŋɔŋlɔawo me nyati gbogbo vovovowo me. Hamemegãwo ƒe ha la toa zimenɔla alo nɔviŋutsu si wòtia la dzi kpɔa hamea ƒe Dutoƒokpekpewo ƒe ɖoɖowo dzi. Wotiaa nyati siwo Habɔbɔa na la me be woakpɔ miaƒe fifi nuhiahiã gbɔ. Mègana nyatakaka nyui siawo dometɔ aɖeke nato ŋuwò o, eye kpe asi ɖe miaƒe hamea ƒe Dutoƒokpekpea ŋu bliboe.