INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/94 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena February

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena February
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme February 7
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme February 14
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme February 21
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme February 28
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 2/94 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena February

Kwasiɖa si Dze Egɔme February 7

Hadzidzi 131

12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Ƒo nu tso magazine yeye siwo va la nana ŋu. Dzro Nyabiaɖaka me nya veviwo me.

18 min: “Kpe Ðe Amewo Ŋu be Woatsɔ Ðe Le Mawu ƒe Ŋutifafa Fiaɖuƒea Me.” Nyatia me dzodzro kple nyaselawo. Wɔ wɔwɔfia eve. Ne miedzro memamã 2 lia me vɔ la, wɔ alesi woana trakt aƒemenɔla si mevo o la fia. Na gbeƒãɖela la nabia nya si woate ŋu azã atsɔ aɖo gɔmeɖoanyi na tɔtrɔyiwɔwɔ la aƒemenɔla bubutɔe. Wɔ wɔwɔfia si ƒe nya míegblɔ le memamã 3 lia me si me gbeƒãɖelaa nazã agbalẽ gbadza la. Le esia hã me eɖo gɔmeɖoanyi ɖi na tɔtrɔyi wɔwɔ.

15 min: “Kpe Asi Ðe Miaƒe Hamea ƒe Dutoƒo Kpekpe ƒe Ðoɖowo Ŋu Bliboe.” Nuƒoe, gake miate ŋu ado nyabiabia ɖeka alo eve aɖewo ɖe nyaselawo gbɔ. Ðe alesi woate ŋu ana ɖetsɔlemetɔ siwo va Dutoƒokpekpea zi gbãtɔ la ƒe dzi nadze emee la me. Na gbeƒãɖela aɖe nadzra ɖo agblɔ alesi Dutoƒokpekpea dede edziedzi ɖe vi nɛ.

Hadzidzi 137 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme February 14

Hadzidzi 126

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntawo. Xlẽ akpedanya siwo Habɔbɔa ŋlɔ ɖo ɖe mi, eye kafu hamea ɖe alesi wokpena ɖe míaƒe hamea ŋu le eƒe nuhiahiãwo me nuteƒewɔwɔtɔe ta. De dzi ƒo na wo be woakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔ le kwasiɖanuwuwu sia.

20 min: “Mido Ŋusẽ Wo be Woatsi to Tɔtrɔyi Nyuiwo Wɔwɔ Me.” Eme dzodzro to nyabiabia kple ŋuɖoɖo me. Na woawɔ wɔwɔfia si ŋu nya wogblɔ le memamã 3 lia me. Te gbe ɖe alesi wòhiã be míabu amewo ŋu be míagaƒo nu tso nu geɖe fũ ŋu le tɔtrɔyia me o kple alesi wòhiã be míana wòadzro wo be míagava la dzi.

15 min: “Aleke Gbegbe Wònyoe Nye si be Woagblɔ Nusiwo Yehowa Wɔ!” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo tsɔtsɔ dzro emedegbalẽvia me nya sia ƒe memamã 1-11 mee. Na nɔvi eve siwo wɔ ɖoɖo ɖe woawo ŋutɔ alo woƒe ƒomea ƒe Proclaimers-gbalẽ sia xexlẽ ŋu la naƒo nu. Bia wo be woagblɔ nusi ŋu wokpɔ ŋudzedze ɖo le esɔsrɔ̃ me.

Hadzidzi 122 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme February 21

Hadzidzi 198

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

15 min: “Mikafu Yehowa ƒe Ŋgɔgbevi La!” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo tsɔtsɔ dzro nyatia mee. Hamemegã ƒe dzonɔamemenuƒo si me wòade dzi ƒo na amesiame be woaŋlɔ amesiwo woakpe va Ŋkuɖodzia ɖuƒee kple hamea ƒe dutoƒonuƒo si gbɔna la ɖi. Wɔ nya siwo wogblɔ le memamã 7 lia me ƒe wɔwɔfia. Na gbeƒãɖela nate ɖe ame aɖe si ge ɖe Fiaɖuƒe Akpata me si le ŋku tsam la ŋu. Egblɔ na gbeƒãɖela la be yeƒe ƒometɔ si le du bubu mee de dzi ƒo na ye be ye neva. Gbeƒãɖela la kpee be wòava nɔ ye kple yeƒe ƒomea gbɔ ne yewoate ŋu azã Biblia kple hadzigbalẽ siwo zãm yewole. Gbeƒãɖela la gblɔ be yeaɖo biabia ɖesiaɖe si anɔ esi la ŋu nɛ ne yewowu kpekpea nu. Gblɔ ɣeyiɣi si me hamea awɔ Ŋkuɖodzia tsɔ ƒo eta eye nàgblɔ mia gbɔ nya vevi bubuwo.

10 min: Biblia La—Míaƒe Dzideƒotsoƒe Nyuitɔe Wònye. Reasoning-gbaleã, axa 117-21. Hamemegã ƒe nuƒo. Ame geɖe hiã dzideƒo le hamea me kple egodo. Fia alesi gbeƒãɖela ɖesiaɖe si le hamea me ate azã Mawu ƒe Nya la atsɔ ade dzi ƒo na amewoe.

15 min: “Dukɔwo Katã Woalé Fu Mi.” Hamemegã si kpɔ nuteƒe ƒe nuƒo.

Hadzidzi 208 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme February 28

Hadzidzi 219

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Teokrasi Nyadzɔdzɔwo

15 min: “Aleke Gbegbe Wònyoe Nye si be Woagblɔ Nusiwo Yehowa Wɔ!” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo tsɔtsɔ dzro emedegbalẽvia ƒe memamã 12-20 mee. Na gbeƒãɖela eve siwo Proclaimers-gbalẽa xexlẽ ɖe vi na la nadzra ɖo agblɔ alesi wòɖe vi na woe.

15 min: Na Ƒe 1994 Ƒegbalẽa Naɖe Vi na Wò. Hamemegã kple subɔsubɔdɔwɔla dzro dzideƒonya siwo le ƒe 1994 Ƒegbalẽa ƒe axa 10-18 siwo woate ŋu azã atsɔ ade dzi ƒo na amee be woakpɔ ŋudzedze ɖe teokrasihabɔbɔa ŋu la me.

10 min: “Nɔ Ŋudzɔ ɖe Dɔmenyowɔwɔ na Amesiwo Medze O Ŋu.” Nuƒo.

Hadzidzi 197 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe