Nyabiaɖaka
◼ Nukawoe wòle be woawɔ ne wole tameɖoɖo kplikpaawo gblɔm na hamea?
Tameɖoɖo kplikpaa hiã ne nyametsotso le nya veviwo abe anyigba alo xɔ ƒeƒle, asitɔtrɔ le Fiaɖuƒe Akpata ŋu alo yeye tutu, nudzɔdzɔ tɔxɛ ɖoɖo ɖe Habɔbɔa, alo nutome sue dzikpɔla ƒe nuzazãwo gbɔ kpɔkpɔ ene ŋu wɔwɔ va hiã. Zi geɖe la, enyo wu be woagblɔ tameɖoɖoa wòanye nusi dzi nɔviwo nalɔ̃ ɖo ne hamea ƒe gae woazã.
Gake mele be woaɖo tame kplikpaa le hiahiã tɔxɛ siwo ku ɖe dɔ alo nu vevi aɖewo wɔwɔ ŋu tẽ la ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, hamea ate ŋu aɖoe kplikpaa le ɣeyiɣi aɖe me be yewoaɖo ga home tɔxɛ aɖe ɖe Habɔbɔa woatsɔ ado alɔ xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa. Mahiã be woaɖo tame kplikpaa le Fiaɖuƒe Akpata me nu siwo wozãna ɖaa, abe akaɖi alo tsi kple nusiwo woazã atsɔ adzra Akpataa me ɖoe ene la ŋu o.
Ne nane va hiã la, ele be hamemegãwo ƒe ha la nadzro nya la me nyuie. Ne ame akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi be ehiã be woawɔ nane la, hamemegãwo dometɔ ɖeka si ɖewohĩ enye Hamea ƒe Subɔsubɔkɔmiti me tɔ la naxlẽ tameɖoɖo kplikpaa si woŋlɔ ɖi la na hamea le Subɔsubɔ Kpekpea me.
Hamemegã si le nya la xlẽm la naɖe nusi hiã la kple nusi dzi hamemegãwo ƒe ha la da asi ɖo be yewoawɔ tso eŋu la me kpuie eye eme nakɔ nyuie. Emegbe woana mɔnukpɔkpɔ hamea me tɔwo be woabia nya siwo ku ɖe nya la ŋu. Ne nya sesẽe wònye la, anyo wu be woahe ame agbɔsɔsɔ si lɔ̃ ɖe nyaa dzi la xexlẽ ɖe megbe ayi Subɔsubɔ Kpekpe si woagawɔ me be wòana ɣeyiɣi amesiame be wòabu tame le eŋu. Woaxlẽ amesiwo lɔ̃ ɖe nya la dzi ƒe agbɔsɔsɔa to hamea me tɔwo ƒe asidodoɖedzi me.
Hamea me tɔ siwo nye adzɔgbeɖela nyɔnyrɔ̃xɔlawo koe woaxlẽ ne wodo asi ɖe dzi tsɔ lɔ̃ ɖe edzi le tameɖoɖo kplikpaa wɔwɔ me, negbe ɖe nuwɔwɔ le se nu abia be woaxlẽ ame bubu de eme hafi, abe alesi ɖewohĩ wòanɔ le dɔwɔnyawo alo Fiaɖuƒe Akpata tutu ƒe gadonyawo me ene. Masɔ be Ðasefo siwo tso hame bubuwo me nakpɔ gome le eme o.
Ne woda asi ɖe tameɖoɖo kplikpaa dzi vɔ megbe la, ele be woaŋlɔ ɣletiŋkeke si dzi wowɔe la ɖe edzi, hamemegã siwo kpɔ nya la gbɔ nade asi ete, eye woadee hamea ƒe nuŋlɔɖiwo dzraɖoƒe.