“Dukɔwo Katã Woalé Fu Mi”
1 Mí katã míekpɔ dzidzɔ le nyitsɔ laa ƒe ƒeawo me esime míese nyatakaka ʋãmewo le yayra wɔnuku siwo kpɔm Yehowa ƒe amewo le le xexeame godoo la ŋu. Míefa dzidzɔvi esime woda asi ɖe dɔa dzi le se nu le Malawi le ƒe 26 ƒe ameteteɖeanyi ŋutasesẽtɔe megbe. Míetsɔ dzidzeme gbɔ fuu esime míekpɔ Kɔmiunistɔnyenye mawudzimaxɔsela siwo le Ɣedzeƒe Europa ƒe gbagbã si na mía nɔvi akpe geɖe kpɔ ablɔɖe tso eƒe ameteteɖeanyi ƒe kɔkutia te la teƒe. Míetsi dzi vevie ɖe nusi ava dzɔ ŋu esime wotɔ gbe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe le Greece; míetso aseye esime míekpɔ aʋadziɖuɖu wɔdɔɖeamedzi le Europa ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ. Edzɔ dzi na mí esime míese alesi Habɔbɔa ƒe alɔdzewo keke ɖe enui si na wote ŋu le agbalẽ agbɔsɔsɔ geɖe ŋutɔ tam na nyateƒedilawo ŋuti nyatakakawo. Ewɔ nuku na mí ŋutɔ esime míese be amesiwo wu 7,400 ye xɔ nyɔnyrɔ̃ le takpekpe si wowɔ le Kiev, Ukraine la me. Ẽ, Fiaɖuƒedɔa ƒe ŋgɔyiyi wɔnuku siawo na míegakpɔ dzidzɔ geɖe wu!
2 Togbɔ be nusita míele dzidzɔ kpɔm la lolo hã la, ele be míanɔ ŋudzɔ be míagatso aseye wòagbɔ eme o. Nyatakaka nyui geɖewo ate ŋu ana míagblɔ be tsitretsitsi ɖe nyanyuia ŋu nu le tsitsim eye wole ŋudzedze kpɔm ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu le xexeame godoo. Nukpɔsusu sia ate ŋu aflu mí. Togbɔ be míeɖu dzi le nya geɖewo me eye míete ŋu kpɔ dzidzedze le nusiwo doa kplamatse nyanyuia dzi ɖuɖu me le dukɔ aɖewo me hã la, mele be míaŋlɔ be o be ƒomedodo si le mía kple xexeame dome la metrɔ o. Esi míenye Yesu yomedzelawo ta la, ‘míetso xexeame o.’ Esi wòle alea ta la, míeka ɖe edzi be ‘dukɔwo katã alé fu mí.’ (Yoh. 15:19; Mat. 24:9) Zi alesi nuɖoanyi sia gakpɔtɔ li la, naneke matrɔ nya sia si nye nyateƒe ɣesiaɣi be “amesiwo katã dina be, yewoanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã” la o.—Tim. II, 3:12.
3 Ŋutinya ɖo kpe nuxlɔ̃ame sia ƒe nyateƒenyenye dzi. Togbɔ be Yesu si nye Kristotɔnyenye Gɔmeɖoanyila ɖi ɖase wɔnukuwo le dziɖula siwo nye ŋusẽtɔwo kple wo teviwo ƒe ŋkume hã la, woƒo nu tsi tre ɖe eŋu ɣesiaɣi eye wodi be woawui. Togbɔ be eƒe apostolowo kpe ɖe ame geɖe ŋu wova zu nusrɔ̃lawo, eye wokpɔ gome le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ŋɔŋlɔ me, eye woɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe nunana wɔnukuwo fia hã la, wolé fu wo hewɔ nu gbegblẽwo ɖe wo ŋu nenema ke. Togbɔ be Kristotɔwo katã ƒe agbenɔnɔ nyo eye wolɔ̃a wo haviwo hã la, ame akpa gãtɔ bu wo be wonye “kɔmamã” tsɛ si ŋu amewo ‘ƒo nu tsi tre ɖo le afisiafi.’ (Dɔw. 28:22) Togbɔ be Yehowa zã xexeame katã ƒe Kristotɔwo ƒe hamea egbea tsɔ wɔa eƒe lɔlɔ̃nu le mɔ wɔnuku aɖe nu hã la, nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe akpa sia akpa yi edzi tsi tre ɖe eŋu heƒo nu gbegblẽ le eŋu. Susu aɖeke meli si ta míakpɔ mɔ be tsitretsitsi ɖe mía ŋu atɔ te o.
4 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Satana ti Yesu yomedzelawo yome le mɔ vovovo nu. Tsitretsiɖeŋula siwo lé fu wo gblɔ aʋatsonyawo ɖe wo ŋu si na amewo bu susu gbegblẽ ɖe wo ŋu. (Dɔw. 14:2) Wodo ŋɔdzi na wo vɔ̃ɖitɔe eye wodze agbagba be woagblẽ nu le wo ŋu. (Dɔw. 4:17, 18) Ameha siwo do dziku te kpɔ be yewoatɔ te wo. (Dɔw. 19:29-34) Wode wo gaxɔ me madzemadzee. (Dɔw. 12:4, 5) Wo yometilawo wɔ ŋutasẽnuwo ɖe wo ŋu zi geɖe. (Dɔw. 14:19) Woɖoe koŋ wu ame maɖifɔ aɖewo ɣeaɖewoɣi. (Dɔw. 7:54-60) Apostolo Paulo ŋutɔ to fukpekpe siawo ƒomeviwo katã kloe me. (Kor. II, 11:23-27) Tsitretsiɖeŋulawo wɔa mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ be yewoatsɔ agblẽ gbeƒãɖeɖedɔa me eye be yewoawɔ fu dɔwɔla anukwaretɔ siawo.
5 Satana gale mɔ mawo ke zãm egbea. Wogblɔ alakpanyawo ɖe mía ŋu eye wogblɔ aʋatsotɔe be kɔmamã alo vivimeha siwo flua amewoe míenye. Le dukɔ aɖewo me la, dziɖuɖuwo gblɔ be míaƒe agbalẽwo flua amewo eye woɖo asi edzi. Ame geɖewo ɖu fewu le míaƒe bubudede ʋu ƒe kɔkɔenyenye ŋu eye wohe nya ɖe mía ŋu ɖe eta. Le ƒe 1940 ƒe ƒeawo me la, nuvlowɔha siwo do dziku la dze mía nɔviwo dzi le gbedodo na aflaga ƒe nya la ta, wowɔ nuvevi wo, eye wogblẽ woƒe nunɔamesiwo dome. Wode ame akpe geɖe gaxɔ me le akpaɖekedzimademade ƒe nya la ta. Le dukɔ siwo dziɖuɖu siwo kpɔ ŋusẽ ɖe nusianu dzi ɖuna me la, wotso mía nɔviwo nu aʋatsotɔe be wonye dugbãnuwɔlawo eye esia na wowɔ fu wo dometɔ alafa geɖe hewu wo ŋutasesẽtɔe le gaxɔwo kple fuwɔamegaxɔwo me. Nɔnɔme sesẽ siawo yi edzi ɣesiaɣi si ɖee fia kɔte be wolé fu mí dzodzro.—Kpɔ Proclaimers, ta 29.
6 Nukae Míate Ŋu Akpɔ Mɔ na le Etsɔ Me? Togbɔ be Yehowa ƒe amewo ate ŋu akpɔ gbɔdzɔe tso nɔnɔme sesẽawo me le xexeame ƒe akpa aɖewo ɣeaɖewoɣi hã la, nya la gakpɔtɔ le abe alesi wònɔ tso gbaɖegbe ke ene. Abosam gale dziku dom le alesi woɖi gbɔe le ƒe 1914 me ta. Enya be yeƒe ɣeyiɣi le kpuie. Eƒe dzikua agadzi ɖe edzi esime xaxa gã la le aƒe tum. Ele klalo ɖe eƒe aʋawɔwɔ kple Kristo Yesu, Fia si woɖo zi dzi la ŋuti eye eɖoe kplikpaa be yeawɔ aʋa vaseɖe nuwuwu. Eya kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ate ŋu aɖe woƒe dziku ɖe Yehowa ƒe ame siwo nye anukwaretɔ siwo “léa Mawu ƒe seawo me ɖe asi, eye Yesu ƒe ɖaseɖiɖi le wo si la” ɖeɖeko ŋu.—Nyaɖ. 12:12, 17.
7 Eyata ele be míabu nusi míakpɔ mɔ na le etsɔ me la nu ŋutɔŋutɔe. Naneke meli si ta míasusu be Abosam adzudzɔ fuléle mí alo ana ta o. Fuléle si wòƒã ɖe xexe sia me ɖe mía ŋu ate ŋu ado mo ɖa ɣesiaɣi le afisiafi. Le dukɔ geɖewo me la, agbagbadzedze ƒe geɖe megbe hafi míaƒe gbeƒãɖeɖe ƒe ablɔɖe va su mía si. Ablɔɖe ma ate ŋu anye esi anɔ anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko si ŋu dziɖula nublanuikpɔla alo se aɖe si dzi ame akpa gãtɔ meda asi ɖo o ɖe mɔ le. Zitɔtɔ gãwo ate ŋu adzɔ kpata eye wòahe tɔtɔ kple amegbetɔ ƒe gomenɔamesi dome gbegblẽ ŋutasesẽtɔe vɛ.
8 Dzidzedze kple ablɔɖe si míekpɔ le dukɔ aɖewo me la ate ŋu awu enu le vome eye wòana mía nɔviwo nagakpe fu siwo wokpe le ɣeyiɣi siwo va yi la me ake. Mele be míaɖe ŋu ɖi anye ɖekematsɔlemetɔwo ahasusu be míeɖu míaƒe futɔwo dzi o. Ðewohĩ xexe sia me ƒe fuléle madze keŋkeŋ o, gake fuléle kaɖikaɖi ko wòganye. Nusianu ɖee fia le Mawu ƒe Nya me be ne nuwuwua le aƒe tum la, xexeame ƒe tsitretsitsi ɖe mía ŋu adzi ɖe edzi boŋ tsɔ wu be enu nafa. Eyata ele be míanɔ ŋudzɔ ‘adze aɖaŋu abe dawo ene, eye míadza abe ahɔ̃nɛwo ene.’ (Mat. 10:16) Ele be míakpɔe adze sii be ‘míaʋli sesĩe’ vaseɖe nuwuwu eye dzidodoe ana míatsi agbe.—Yuda 3; Mat. 24:13.
9 Gbeƒãɖeɖedɔa anɔ dzidzedze kpɔm tsitretsiɖeŋulawo ƒe kplamatsedodo aɖeke manɔmee le xexeame ƒe akpa si míele la. Esia ate ŋu ana míake ɖi le nya sia ƒe vevienyenye ŋu. Gake ehiã be míanɔ ŋudzɔ. Nuwo ate ŋu atrɔ kpata. Tsitretsiɖeŋulawo ate ŋu awɔ nya aɖe ŋudɔ atsɔ atsi tre ɖe mía ŋu le vome. Xɔsegbelawo yi edzi ɣesiaɣi le nya si woate ŋu akpɔ le mía ŋu dim. Osɔfo siwo do dɔmedzoe eye míaƒe dɔa doa vɔvɔ̃ na la ate ŋu aƒo nu atsi tre ɖe mía ŋu le gaglãgbe. Ðoɖo si míawɔ be míatu Fiaɖuƒe Akpata le míaƒe nutoa me ate ŋu ahe masɔmasɔ si ado dziku na nutoa me tɔwo katã la vɛ. Woate ŋu ata nya siwo ana amewo nado dziku ɖe mía ŋu ɖe agbalẽwo me ahagblẽ mía ŋu. Ame ŋkuta siwo le mía gbɔ aɖoe koŋ agblɔ aʋatsonyawo ɖe mía ŋu eye wòana míaƒe aƒelikawo nalé fu mí ne míeyi wo gbɔ le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me. Míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo le mía ŋutɔwo míaƒe ƒomea me gɔ̃ hã ate ŋu ava do dziku eye woati mía yome. Eyata ehiã be míanɔ ŋudzɔ eye míakpɔe adze sii be xexeame ƒe fuléle mí nu sẽ ale gbegbe eye ate ŋu ado mo ɖa le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me.
10 Aleke Wòle Be Esia Nawɔ Dɔ ɖe Mía Dzii? Esiawo katã kpɔa ŋusẽ ɖe nusi míesusuna kple nusi míekpɔa mɔ na le etsɔ me dzi. Le mɔ ka nu? Ðe wòle be esia nana míanɔ tame bum eye míavɔ̃ le nusiwo me míava do dzi le ta? Ðe míaɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi akpɔtɔ le esi wòaɖe fu na míaƒe nutometɔ aɖewo ta? Ðe susu nyui aɖe li si ta míatɔtɔ ne woƒo nu gbegblẽ le mía ŋua? Ðe fukpekpe ana míakpɔ dzidzɔ le Yehowa subɔsubɔ me oa? Ðe ɖikeke aɖe le nusi ado tso eme ŋua? Kura o! Nukatae?
11 Mele be míaŋlɔ nyateƒe si wònye be gbedasi si míeɖea gbeƒãe la metso mía gbɔ o, ke boŋ Yehowa gbɔe wòtso la be o. (Yer. 1:9) Ele be míawɔ ɖe nuxlɔ̃amenya sia dzi be: “Miyɔ eƒe ŋkɔ, miɖe eƒe nuwɔwɔwo fia le dukɔwo dome . . . le anyigba blibo la dzi.” (Yes. 12:4, 5) Tameɖoɖo tɔxɛ aɖe tae wòɖe mɔ amewo wɔ fu eƒe amewo ɖo, esi nye be ‘wòaɖe eƒe ŋusẽ afia le anyigba blibo la katã dzi.’ (Mose II, 9:16) Dɔ si Yehowa de asi na mí wɔmee míele, eye eyae dea dzi ƒo na mí be míaƒo nu dzideƒotɔe. (Dɔw. 4:29-31) Esiae nye dɔ vevitɔ si ɖea vi eye wòhiã kpata wu ɖesiaɖe si míawɔ le nuɖoanyi xoxo sia ƒe ŋkeke mamlewo me.
12 Sidzedze sia dea dzi ƒo na mí be míanɔ te sesĩe le Satana kple xexe sia ƒe tsitretsiɖeŋu nu. (Pet. I, 5:8, 9) Nyanya be Yehowa li kpli mí nana ‘míeléa dzi ɖe ƒo hesẽa ŋu’ eye wòɖea alesi míavɔ̃ le mía yometilawo ŋkume la ɖa. (Mose V, 31:6; Heb. 13:6) Togbɔ be míedzea agbagba ɣesiaɣi be míadze aye, awɔ nu le nunya me, eye míadze aɖaŋu ne tsitretsiɖeŋulawo do ŋɔdzi na mí hã la, míana eme nakɔ ƒã na wo be ne wotɔ gbe míaƒe tadedeagu la, míeɖoe kplikpaa be ‘míabu Mawu awu amewo.’ (Dɔw. 5:29) Ne mɔnukpɔkpɔ nyui su mía si be míaƒo nu aʋli mía ɖokui ta la, míawɔe nenema. (Pet. I, 3:15) Gake míagblẽ ɣeyiɣi ɖe tsitretsiɖeŋula dzimesesẽtɔ siwo di be yewoagblẽ mía ŋu kokoko la ŋu o. Le esi teƒe be míado dziku alo adze agbagba be míawɔ wɔɖenui ne wogblẽ mía ŋu alo wotso mía nu aʋatsotɔe la, ‘míaɖe asi le wo ŋu’ ko.—Mat. 15:14.
13 Míaƒe dzidodo le tetekpɔwo me dzea Yehowa ŋu. (Pet. I, 2:19) Nukae wòle be míawɔ ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ ma ta? Ðe míagblɔ be míele subɔsubɔ si me dzidzɔ mele o wɔm le esi woléa fu mí hetsia tre ɖe mía ŋu ta? Menye nenema kura o! Yehowa do ŋugbe be yeatsɔ “dzidzɔ kple ŋutifafa” aɖo míaƒe toɖoɖo teƒe na mí. (Rom. 15:13) Yesu kpɔ dzidzɔ togbɔ be ekpe fu vevie hã “le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta.” (Heb. 12:2) Nenema ke wòle le mía gome. Esi nusi woatsɔ aɖo míaƒe dzidodo teƒe na mí lolo ŋutɔ ta la, eʋãa mí be ‘dzi nadzɔ mí eye miatso aseye’ togbɔ be tetekpɔ sesẽwo vaa mía dzi hã. (Mat. 5:11, 12) Ne míele nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me la, dzidzɔ sia ŋutɔ nana míekafua Yehowa hedea bubu eŋu le Fiaɖuƒe gbedasia gbɔgblɔ me.
14 Ðe wòle be míake ɖi le nusi ado tso eme mlɔeba la ŋu si ana míatɔtɔ alo atsi vedomesia? Ao, wotso nya me le nusi ado tso nyahehe si le Yehowa ƒe habɔbɔa kple Satana ƒe xexeame dome la ŋu ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ. (Yoh. I, 2:15-17) Eɖanye aleke gbegbe tsitretsiɖeŋua nu asẽ alo ado gãe o, Yehowa ana míaɖu dzi godoo. (Yes. 54:17; Rom. 8:31, 37) Togbɔ be wole míatem kpɔ bliboe hã la, naneke mate ŋu axe mɔ na míaƒe teƒeɖoɖo la xɔxɔ o. Mele be ‘miatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o,’ elabena Yehowa na ŋutifafa mí le míaƒe kukuɖeɖewo ŋu ɖoɖo me.—Fil. 4:6, 7.
15 Eyata míedaa akpe na Yehowa ɣesiaɣi si míesea nyatakaka le alesi wole mía nɔviwo ɖem tso yometitiwo me alo alesi wona gbeƒãɖeɖe ƒe ablɔɖe wo le teƒe siwo woɖo asi dɔa dzi va yi la ŋu. Míetsoa aseye ne nɔnɔmewo ƒe tɔtrɔ ʋu mɔ ɖi na nyateƒea dila akpe geɖe be woase Fiaɖuƒe gbedasia. Míekpɔa dzidzɔ vavã ne Yehowa na míeɖu dzi le nyaʋiʋli kple tsitretsiɖeŋula siwo lé fu mí me. Míenya be ayra míaƒe dɔa eye wòana wòadze edzi le mɔ ɖesiaɖe si hiã be wòado kɔkɔ eƒe tadeaguƒea eye wòana mɔnukpɔkpɔ ‘amesiwo dze’ le dukɔwo katã dome be woage ɖe eme.—Xag. 2:7; Yes. 2:2-4.
16 Le ɣeyiɣi ma ke me la, míenya nyuie be ŋusẽ le míaƒe futɔ Satana ŋu ŋutɔ, eye atsi tre ɖe mía ŋu vevie vaseɖe nuwuwu. Eƒe amedzidzedzewo ate ŋu adze gaglã amesiame nakpɔ, alo manya kpɔ adze sii o ahaflu ame. Yometiti ate ŋu adzɔ le vome le teƒe siwo míenya be ŋutifafa li le ɣeyiɣi siwo va yi me la. Tsitretsiɖeŋula vɔ̃ɖiwo agblẽ mía ŋu eye woayi edzi adze agbagba be woate mí ɖe anyi madzemadzee. Le ɣeyiɣi si sɔ me la, adze ƒã na amesiawo katã be yewonye “amesiwo le tsitre tsim ɖe Mawu ŋuti” eye wòatsrɔ̃ wo. (Dɔw. 5:38, 39; Tes. II, 1:6-9) Gake do ŋgɔ na ema la, eɖanye nɔnɔme ka mee míado dzi le o, míeɖoe kplikpaa be míanɔ te sesĩe le Yehowa subɔsubɔ kple gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe gbedasia nuteƒewɔwɔtɔe me. Míawoe nye dzidzɔtɔwo wu le anyigba sia dzi elabena míenyae be ‘ne míeva li ke la, míakpɔ agbefiakuku la.’—Yakobo 1:12.