Aleke Gbegbe Wònyoe Nye si be Woagblɔ Nusiwo Yehowa Wɔ!
1 Psalmo 48 lia ŋlɔla si gbɔgbɔ ʋã la de dzi ƒo na amesiwo le Israel la be ‘woazɔ Zion ŋu godoo ava kpe, eye woaxlẽ eƒe xɔ tsralawo, woalé ŋku ɖe wo ŋu, ne woaxlẽe afia wo megbeviwo.’ Le lɔlɔ̃ si le wo me na Yehowa ta la, woadi vevie be yewoanya nu tso anyigba dzi teokrasidziɖuɖu ƒe nɔƒe la ƒe akpa sia akpa ŋu tsitotsito. Aleke gbegbe nusiawo axɔ asi na woe nye si elabena du sia dzie Yehowa da eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ ɖo! Woaƒo nu tso eŋu, eye vevietɔ woakpɔ egbɔ be woƒe megbeviwo se nu vevi siwo katã wodzra ɖo ɖe woƒe dzime la.—Ps. 48:13, 14.
2 Fifia míele ɣeyiɣi si me Yehowa ƒe teokrasidziɖuɖu la megale anyigba dzi Zion o ke boŋ ele dziƒo Yerusalem la me. (Heb. 12:22) Yehowa ƒe Fiaɖuƒe si le Yesu Kristo si me la le dzi ɖum tso ƒe 1914 me ke. (Nyaɖ. 12:10) Eƒe dɔwɔwɔe nye nu vevitɔ si me míetsɔa ɖe le. Míedi vevie hã be míanya alesi Yehowa kplɔ esubɔla siwo le anyigba dzi lae be wova zu Fiaɖuƒe ma teƒenɔla siwo woate ŋu akpɔ kple ŋku, siwo awɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Woŋlɔ nya siawo ŋuti numeɖeɖe dodzidzɔnamewo ɖe míaƒe agbalẽ yeye si nye Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom me. Aleke gbegbe míekpɔ dzidzɔe nye si be míexɔe le míaƒe “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpe si míewɔ nyitsɔ laa me!
3 Va ɖo ƒe si va yi ƒe September 1 dzi la, woɖe agbalẽa ɖe go le gbegbɔgblɔ 20 me xoxo eye egɔmeɖeɖe kple etata ŋuti dɔwo le edzi yim le gbegbɔgblɔ 13 bubu me bene wòakpe ɖe gbe siawo dolawo ŋu. Eƒe ɖe le miaƒe ƒomea sia? Miele exlẽma? Miele nu ƒom tso nusiwo miesrɔ̃na le eme ŋua?
4 Esi nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe kpɔ fotoawo eye woxlẽ numeɖeɖe siwo woŋlɔ ɖe wo gbɔ abe alesi woɖo eƒe aɖaŋui le takpekpea me ene la, woge ɖe nyatia ŋutɔŋutɔ me. Nya kawoe wogblɔ le eŋu? Wo dometɔ ʋee aɖewo koe nye esiwo gbɔna:
5 Nɔvinyɔnu aɖe ŋlɔ bena: “Agbalẽ sia koe nye agbalẽ si mexɔ si medi vevie be maxlẽ vɔ kaba ale be magadze exexlẽ gɔme ake. Ta 25 lia dzie mele fifia. Zi geɖe alesi mexlẽe la, zi geɖe nenemae aɖatsi lolona ɖe ŋku dzi nam eye lɔlɔ̃ na Yehowa yɔa nye dzimee. Agbalẽa dea dzi ƒo na ame eye wòdoa ŋusẽ ame ƒe xɔse ale gbegbe.”
6 Nɔviŋutsu aɖe si le Yehowa subɔm wu ƒe 40 enye sia gblɔ be: “Nyemenya alesi gbegbe agbalẽ sia avivii o. Menɔa zã dzi xlẽnɛ eye megafɔna kaba ɖe eŋu ale be le kwasiɖa eve me la, mewu exexlẽ nu. Le nyateƒe me la, eyae nye agbalẽ siwo ʋã ame wu siwo mexlẽ kpɔ la dometɔ ɖeka. Enye agbalẽ si ŋu wowɔ numekuku le etɔxɛ gake eganye agbalẽ si ŋu wotrɔ asi le etɔxɛe be wòade dzi ƒo na ame hã.”
7 Ðoɖowɔwɔ ɖe Exexlẽ Ðaa Ŋu: Amesiwo xlẽ agbalẽa kabakaba wu enu la ɖoe be yewoagaxlẽ ake gake fifia ya yewoagbɔ dzi ɖi wu le exexlẽ me.
8 Ne wò ƒomea me tɔ siwo wu ɖekae le nyateƒea me la, ke ɖewohĩ àdi be yeaxlẽ agbalẽa ƒe akpa aɖewo le miaƒe ƒomenusɔsrɔ̃ me. Ƒome aɖewo dze exexlẽ gɔme le esi woxɔe le takpekpea me vɔ megbe ƒe ŋkeke ʋee aɖewo megbe. Mefia be ele be miagblẽ nu bubuwo, abe dzadzraɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ ŋu ene, ɖi o. Gake miakpɔe be aɖe vi geɖe ŋutɔ be yewoazã aɖabaƒoƒo 15 alo 20 bubu atsɔ axlẽ Proclaimers-gbalẽa eye miadzro emenyawo me.
9 Ƒome bubuwo xlẽa axa eve alo etɔ̃—ɖewohĩ tanya sue ɖeka alo eve—hafi dzona ne woɖu nu vɔ. Ðewohĩ wo dometɔ ɖesiaɖe xlẽ agbalẽa ƒe akpa gãtɔ vɔ xoxo, gake esi fifia wole exlẽm blewu wu eye wozã mɔnukpɔkpɔa tsɔ le emenyawo me dzrom la, ele vi ɖem na wo. Amesiwo le ewɔm alea la dometɔ aɖewo le Yehowa subɔm ƒe geɖe enye sia. Ne wole exlẽm la, woɖoa ŋku dzidzɔnya geɖewo dzi. Edzɔa dzi na wo ŋutɔ be woaƒo nu tso akpa si woawo ŋutɔ hã wɔ le nudzɔdzɔ siwo ŋu wole nu xlẽm le me la ŋu.
10 Ðewohĩ le nɔnɔme siwo le aƒewòme ta la, àkpɔe be ele be ye ɖeɖe yeaxlẽ agbalẽa. Nɔvinyɔnu aɖe ŋlɔ agbalẽ na Habɔbɔa be: “Mexlẽa agbalẽ sia ƒe akpa aɖe fiẽ sia fiẽ hafi mlɔa anyi. Agbalẽ sia na nye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nyateƒea kple alesi melɔ̃nɛ la le to dem ɖe edzi wu, eye mesena le ɖokuinye be mía kple Yehowa dome le kplikplikpli wu eye medaa akpe ale gbegbe be nye hã mele eƒe habɔbɔa me. Axa ɖesiaɖe si mexlẽna la vivia nu nye nyateƒe.”
11 Togbɔ be agbalẽa lolo hã la, akpa vovovo siwo me womã wo ɖo ya medidi o. Akpa gbãtɔ si nye eƒe gɔmedzedze la ƒo nu tso nudzɔdzɔ siwo dze egɔme tso Abel dzi va ɖo ƒe 1992 me la ŋu kpuie le mɔ dodzidzɔname nu—le axa 108 ko me. Akpa susɔeawo ƒe didime nye tso axa 13 va ɖo 150. Womã akpa siawo dometɔ ɖesiaɖe ɖe tawo me. Le esi nàƒu du ato wo me teƒe la, tsɔ akpa ɖeka, ta ɖeka, alo tanya sue ɖeka le nusɔsrɔ̃ ɖeka me; eye nàna wòaɖe vi na wò.
12 Gbɔ Dzi Ði Nàsusu Nusi Nèxlẽna la Ŋu: Nukae anye wò taɖodzinu le agbalẽa xexlẽ me? Mele be axa geɖe xexlẽ—be nàwu agbalẽa nu—ko nanye wò taɖodzinu o. Gbɔgbɔmekesinɔnu siwo ƒe dome nènyi la ŋuti nuŋlɔɖie le Proclaimers-gbalẽa me. Ele be nànyae nyuie. Gbɔ dzi ɖi nàbu gɔmesese si le nusi xlẽm nèle ŋu la ŋu. Ne èle Yehowa ɖasefo siwo nɔ anyi le blema ƒe dɔwɔnawo me dzrom la, bu tame tso alesi nàte ŋu asrɔ̃ woƒe xɔsee ŋu. (Heb. 12:1, 2) Ne èle alesi xɔsegbegbe wɔ keke ta ŋu nyawo xlẽm la, lé ŋku ɖe mɔ̃ si ɖe amesiwo de megbe la ŋu nyuie, kple susu be nàtsɔ akpɔ wò ŋutɔ wò gbɔgbɔmemenyenye tae. Eye ne èle míaƒe egbegbe ŋutinya me tom la, lé ŋku ɖe gbɔgbɔ me ƒe nɔnɔme siwo le amesiwo Mawu zã la si ŋu, alesi woɖee fia be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe nye nu vevitɔ kekeake le yewoƒe agbe me, kple alesi wowɔ nui le nɔnɔme vovovo—siwo dometɔ aɖewo sesẽ ŋutɔ—siwo ŋu Mawu ɖe mɔ ɖo la me.—Heb. 13:7.
13 Àkpɔe be ado ŋusẽ yeƒe xɔse ne yelé ŋku ɖe nya siwo ƒo nu tso alesi Yehowa kplɔ eƒe amewoe be wova ke ɖe Biblia me nyateƒea gɔmesese si su mía si fifia la ŋu nyuie. Wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ɖoɖo si ŋudɔ wɔm Yehowa le la adzi ɖe edzi ne nèva le alesi habɔbɔa yi ŋgɔ vivivi la me dzrom. Dzi adzɔ wò godoo ne èle alesi nyanyuia wɔ va ɖo anyigba ƒe seƒe ke si nye nyagblɔɖimevava la ŋu nya xlẽm. Nuteƒewɔla siwo wɔ dɔ dzonɔamemetɔe tsɔ ɖe gbeƒã Fiaɖuƒea le xexeame ƒe afisiafi ƒe nuteƒekpɔkpɔwo ana dzidzɔ nayɔ wò dzi me. Ne èle nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo do dzi va yi le woƒe lɔlɔ̃ na Yehowa ta la ŋu nya xlẽm la, ado ŋusẽ wò be nàdze ŋgɔ dodokpɔ siwo nèdoa goe.
14 Ne miexlẽ agbalẽa ƒe akpa aɖe vɔ la, migbɔ dzi ɖi miadzro asixɔxɔ si le eŋu me ɖekae eye miato nya veviawo me. Ne ɖevi suewo le asiwò la, na woawo hã naƒo nu tso fotoawo ŋu eye woagblɔ nusi wonya tso amesiwo dze le wo me la ŋu na wò. Ne wò ɖeɖee le exlẽm hã la, dze agbagba nàgblɔ nusi srɔ̃m nèle la na ame bubuwo. Zã nusiwo nèsrɔ̃ la le tɔtrɔyiwo kple aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo me le afisiwo wòsɔ le. Ne ègbugbɔ le wogblɔm alea la, ana wòatsi tame kple dzime na wò ŋutɔ, eye anye viɖe na ame bubuwo hã.
15 Wò Ŋku Nenɔ Nyatakaka Veviawo Ŋu: Ele be ɣeyiɣi siwo nètsɔna xlẽa Proclaimers-gbalẽa la nanye esiwo nàse vivi na eye viɖe hã nado tso wo me.
16 Àdi be wò kple wò ƒomea mianya nu tso Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒe gã la ŋua? Dɔwɔƒe si Habɔbɔa zã ƒe alafa ɖekae nye sia le Pittsburgh ƒe nutoa me dze le axa 208-9. Àkpɔ xɔ siwo wova zã emegbe le Brooklyn la le axa 216-17. Foto siwo le axa 352-6 akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ alesi xexeame katã ƒe dɔwɔƒe gã la le egbea le susu me. Ta 26 kple 27 lia ƒo nu tso dɔ si wowɔna le Betel ŋu eye axa 295-8 gaɖe nu me kpee tso Betel-gbenɔnɔ ŋu.
17 Mía dometɔ akpa gãtɔ míete ŋu de Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe geɖe kpɔ o. Proclaimers-gbalẽa akplɔ wò aɖi tsae le xexeame katã. Mègayɔ o. Gbɔ dzi ɖi nàtɔ vie ɖe dukɔ ɖesiaɖe me eye nàse vivi le eme. Zã xexeame katã ƒe anyigbatata si le axa 415-7 nàtsɔ akpɔ teƒeawoe. Xlẽ nya siwo wogblɔ kpe ɖe alɔdzedɔwɔƒe ɖesiaɖe ƒe foto ŋu la. Àte ŋu azã agbalẽa ƒe nyadiƒe hã atsɔ akpɔ nyatakaka dodzidzɔname bubuwo tso dukɔ ɖesiaɖe ŋu. Zã mɔnukpɔkpɔ sia nàtsɔ nya wò gbɔgbɔmeƒome si le anyigba bubuwo dzi la me tɔwo.
18 Ne amewo do go le hadomekpekpewo me ɣeaɖewoɣi la, wowɔa fefe siwo ku ɖe agbemenu aɖewo ŋuti sidzedze ŋu. Ðe maɖe vi sã wu be woanya ŋkeke kple nudzɔdzɔ veviwo le Yehowa ƒe amewo ƒe egbegbe ŋutinya me oa? Àkpɔ be woɖo nudzɔdzɔ siawo dometɔ geɖe ɖe Proclaimers-gbalẽa ƒe axa 718-23. Nya veviwo koe woɖo ɖe afima; àte ŋu atsɔ nyatakaka siwo dze le agbalẽa ƒe akpa mamleawo akpee. Zã nyatakaka siawo nàtsɔ awɔ numetotoe. Ðewohĩ ɖevi siwo le ƒomea me ate ŋu alé wo ɖe susu me kaba. Ðewohĩ mí ame tsitsiwo dometɔ aɖewo tɔ matsɔ ade ɖeviwo tɔ nu ya o. Gake teokrasiŋutinya me nya siwo aɖe vi na mí katã ne míenya wo ye wonye. Ne èsrɔ̃ nu le ɣeyiɣiawo kple nudzɔdzɔ veviawo ŋu vɔ la, zã wo abe gɔmeɖoanyi si dzi nàtu sidzedze bubuwo ɖo ene. Kpɔe ɖa be numeɖeɖe neni dzie yeate ŋu aɖo ŋkui le nudzɔdzɔ ɖesiaɖe me hã. Emegbe ƒo nu tso nusi akpa ɖesiaɖe wɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me ŋu. Ðe eyome la, ƒo nu tso alesi wòkpɔ ŋusẽ ɖe wò ŋutɔ wò agbe dzii kple akpa si nèle na nusi Yehowa le wɔwɔm la ŋu.
19 Kpɔ Mɔnukpɔkpɔ Siwo Le Ʋuʋu Ði na Wò Ða: Le Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom xexlẽ kple eme dzodzro me la, àkpɔ alesi Yesaya 60:22 le eme vam nukutɔe. Agbalẽa ƒe axa 519 gblɔ be: “Kakaɖedzitɔe la, nyagblɔɖi si nye ‘ame suewo azu akpe’ la va eme, eye eva eme ale gbegbe! Le dukɔ siwo sɔ gbɔ wu 50 siwo me ‘ame sue’ gɔ̃ hã menɔ o—le afisiwo Yehowa Ðasefo aɖeke menɔ le ƒe 1919 me o, afisiwo womeɖe gbeƒã aɖeke kura le o la—Yehowa kafulawo sɔ gbɔ wu ame akpe ɖeka le teƒe mawo fifia. Le anyigba siawo dometɔ aɖewo dzi la, fifia Yehowa Ðasefo akpe geɖewo li, ẽ, wosɔ gbɔ wu akpe alafa ɖeka gɔ̃ hã, eye amesiawo nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti gbeƒãɖela siwo me dzo le! Le xexeame katã la, Ðasefowo va zu ‘dukɔ sesẽ’ aɖe—ne woƒo wo katã nu ƒu abe xexeame katã ƒe habɔbɔ wɔɖeka ene la, woƒe xexlẽme sɔ gbɔ wu dukɔ siwo le wo ɖokui si la dometɔ 80 la dometɔ ɖesiaɖe ya teti tɔ.”
20 Fiaɖuƒea ƒe dzidziɖedzidɔ sia ƒe nuwuwu meɖo haɖe o. Gake alesi Yehowa do tsɔtsɔe la nye nusi medzɔ alea kpɔ o. Afikae nàkpɔ gome le eme ase ɖo? Ènya mɔnukpɔkpɔ siwo katã le ʋuʋu ɖi na wò la vavãa? Esime nèle nu srɔ̃m le dɔ si ame bubuwo le wɔwɔm ŋu la, na wò dzi neʋã wò be nàtsɔ ɖokuiwò ana be nàkpɔ gome le dɔ gã si mía Mawu lɔlɔ̃ la le mɔ fiamee to Yesu Kristo dzi le míaƒe ŋkekea me la me bliboe.