INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/94 axa 7
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 2/94 axa 7

Gbeƒãɖeɖewo

◼ February ƒe agbalẽnunana: Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi. March: Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! April Kple May: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo hekpe ɖe agbalẽ gbadza ɖesiaɖe ŋu (negbe Suku-gbalẽ gbadza la koe mele eme o). Miate ŋu awɔ nudɔdɔwo. MIDE DZESII: Hame siwo gbeadziyigbalẽ siwo míeyɔ hiã la nadɔ wo le woƒe Nudɔgbalẽvi (S-14) si woagaɖo ɖa la dzi.

◼ Agbalẽŋlɔla kple subɔsubɔdɔdzikpɔla nadzro gbesiagbe mɔɖelawo katã ƒe dɔwɔwɔ me. Ne gaƒoƒonudidia kpɔkpɔ le sesẽm na wo dometɔ aɖe la, ke hamemegãwo nawɔ ɖoɖo akpe ɖe eŋu. Mito Habɔbɔa ƒe lɛta siwo wòŋlɔ le October 1, 1993, kple November 2, 1992 dzi na hamemegãwo ƒe hawo katã. Hekpe ɖe eŋu la, mikpɔ September 1986 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia ƒe memamã 12-20 me nyawo hã.

◼ Míaɖu Ŋkuɖodzia le Memleɖagbe March 26, 1994 dzi. Togbɔ be nuƒoa ate ŋu adze egɔme do ŋgɔ hã la, taflatse miɖo ŋku edzi be mele be woatsɔ aboloa kple wein la atsae do ŋgɔ na ɣeɖoto o. Mele be miawɔ kpekpe aɖeke le ŋkeke ma dzi wu kpekpe hena gbeadziyiyi o. Ne miaƒe hamea wɔa kpekpewo Memleɖagbewo la, ke mida kpekpe mawo ɖe kwasiɖaa ƒe ŋkeke bubu dzi.

◼ Gbeƒãɖela siwo di be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le March kple April me la nawɔ ɖoɖoa fifia eye woatsɔ woƒe dɔbiagbalẽwo ana kaba. Esia akpe ɖe hamemegãwo ŋu be woawɔ gbeadziyiɖoɖo siwo hiã eye agbalẽ siwo asu la nanɔ anyi.

◼ Míegale dzi dem ƒo na hamewo ake be woawɔ woawo ŋutɔ ƒe Ŋkuɖodziwein ŋuti ɖoɖo.—Mikpɔ February 1, 1985 Gbetakpɔxɔ ƒe axa 27 be mianya wein si ƒomevie nyo na zazã le Ŋkuɖodzia ɖuɖu me.

◼ Agbalẽ Yeye Siwo Do: Eŋlisgbe: Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom; What is the Purpose of Life? Eʋegbe: Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Gɛgbe: Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Twi: Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu?

◼ Habɔbɔa ta agbalẽ geɖe ɖe Eŋlisigbe me ŋkuagbãtɔwo ƒe nuŋɔŋlɔ si nye “Grade-2 Braille” me. Woƒe ɖewoe nye Reasoning From the Scriptures kple axa 192-gbalẽwo kpakple agbalẽviwo. Miate ŋu aɖo eŋuti biabiawo ɖe BRAILLE DESK.

◼ Agbalẽ Siwo Gava:

Eŋlisigbe: Making Your Family Life Happy; Insight on the Scriptures; Sing Praises to Jehovah (Nuŋɔŋlɔ lolotɔ, nyagbeawo ɖeɖeko); Victory Over Death; 1990 Watchtower babla. Eʋegbe: Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee; Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomegbenɔnɔ Me; Ðe Wòle Be Nàxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea? Gɛgbe: Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee; Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomegbenɔnɔ Me; Nukae Yehowa Ðasefowo Xɔ Se? (trakt 14 lia). Twi: Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomegbenɔnɔ Me.

◼ Kasɛt Siwo Li:

Sing Praises to Jehovah (kasɛt 113 siwo le aŋego 5 me hena Fiaɖuƒe Akpata me hadzidzi).

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe