Nɔ Ŋudzɔ ɖe Dɔmenyowɔwɔ na Amesiwo Medze O Ŋu
1 Wonya Yehowa ƒe amewo nyuie be wowɔa dɔmenyo henaa nu faa. Esia dzena zi geɖe le ŋutilãmenuwo gome ne míesrɔ̃ Samariatɔ havilɔ̃la si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe lododo ʋãmea me la. (Luka 10:29-37) Gake ame aɖewo siwo medze na ŋutilãmekpekpeɖeŋu o adze agbagba be yewoawɔ míaƒe dɔmenyoa ŋudɔ atsɔ atafa míi. Le esia ta la, ele be míaƒe lɔlɔ̃ na amewo nada asɔ le “sidzedze kple dzimenusese katã me.”—Fil. 1:9.
2 Le Hamea Me: Le kpɔɖeŋu me ame aɖe agblɔ be yemekpɔ dɔ aɖeke awɔ o alo agblɔ nya bubuwo atsɔ abia kpekpeɖeŋu. Ɣeaɖewoɣi la, amesiawo mele dɔ dim ŋkubiãtɔe o, ke boŋ ɖeko wodi be ame bubuwo nana yewoƒe agbemenuhiahiãwo yewo. Amesiawo tɔgbe ŋue apostolo Paulo de se le be: “Ne ame aɖe melɔ̃ be, yeawɔ dɔ o la, negaɖu nu hã o.”—Tes. II, 3:10.
3 “Azãgbe kple nuɖiɖeame” li na mí katã, eyata ne ŋutilãmenuwo le mía hiãm eye “nuɖuɖu, si asu mía nu egbe la” mele mía si o la, mele be míatsi dzimaɖi o, elabena Yehowa naa nu amesiwo lɔ̃nɛ hewɔa eƒe lɔlɔ̃nu. (Nyagb. 9:11; Mat. 6:11, 31, 32) Anyo be amesi hiã tu la naƒo nu kple hamemegãwo dometɔ ɖeka. Hamemegãwo anya ɖoɖo siwo dziɖuɖua wɔ be yeatsɔ akpe ɖe amewo ŋu eye woate ŋu akpe ɖe amea ŋu le agbalẽwo wɔwɔ me alo woana wòase nusi ɖoɖoa bia tso esi la gɔme. Aleke kee nɔnɔmea le o, hamemegãwo ate ŋu ada amesiame si abia kpekpeɖeŋu la ƒe nyawo akpɔ ahatso nya me le nusi woate ŋu awɔ ŋu.—Tsɔe sɔ kple Timoteo I, 5:3-16.
4 Mɔzɔla Ameblelawo: Habɔbɔa gale nyatakakawo xɔm kokoko be mɔzɔla siwo nye ameblelawo tafa hame aɖewo xɔ woƒe ga kple ŋutilãmenuwo. Mele be esia nawɔ nuku na mí o, elabena Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu mí be “ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo la woayi dzi vɔ̃ɖitɔe wu anɔ amewo blem, eye amewo able wo.” (Tim. II, 3:13) Zi geɖe la, ameblela siawo gblɔna be teƒe aɖe yimee yewole gake yewova xaxa eye yewohiã ʋuɖoga kple nuɖuga si akplɔ yewo le yewoƒe mɔzɔzɔ ayi aƒee me. Togbɔ be woadze anukwaretɔwoe hã la, zi geɖe la menye Yehowa Ðasefowoe wonyena kura o ke ɖeko wowɔa wo ɖokui abe wo dometɔ aɖewoe wonye ene.
5 Ne amedzro aɖe bia kpekpeɖeŋu la, enye nusi me nunya le be woagblɔe na hamemegãwo dometɔ ɖeka si ate ŋu axɔ ŋgɔ le alesi woawɔ anya ne amea nye mía nɔvi la me. Ele be woaƒo ka na hamemegã siwo le amea ƒe hamea me be woaka ɖe amesi amea nye la dzi. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu anukwaretɔ siwo hiã va tu kpata alea nase egɔme be ɖe wole nya la gɔme kum be woatsɔ akpɔ yewo katã ta. Le mɔ bubu nu hã la, numekuku sia tɔgbe aɖe ha ameblelawo. Mehiã be míabu nazã ɖe amesiwo katã míenya o la ŋu o, gake ele be míanɔ ŋudzɔ ɖe ameblela vɔ̃ɖiwo ŋu.—Kpɔ km 9/80 ƒe axa 2 hã.
6 Nunyala Fia Salomo xlɔ̃ nu mí be: “Megate nu nyui hiãtɔ, nenye be ŋutete le ŋuwò na ewɔwɔ o.” (Lod. 3:27) Ne míewɔ susu ŋudɔ le nunya me la, míate ŋu ayi edzi aɖe nublanuikpɔkpɔ afia ahanɔ ŋudzɔ hã ɖe dɔmenyowɔwɔ na amesiwo medze o ŋu.