Kpe Ðe Amewo Ŋu be Woatsɔ Ðe Le Mawu ƒe Ŋutifafa Fiaɖuƒea Me
1 Míana agbalẽ si nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi le February me. Ele be wòanye míaƒe taɖodzinu be míakpe ɖe dzi anukwaretɔ siwo le míaƒe anyigbamama me ŋu be woakpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea kple nusiwo wòawɔ la ŋu. Nukpɔsusubiabiawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia.
2 Ne míedo gbe na aƒemenɔlaa xɔlɔ̃wɔwɔtɔe vɔ la, míate ŋu agblɔ nya sia tɔgbe be:
◼ “Tɔtrɔ dovoɖinamewo le dziɖuɖuwo me vam le anyigba katã dzi eye zi geɖe la, wogblɔna be eƒe taɖodzinue nye be ŋutifafa nava. Èsusu be míate ŋu akpɔ ŋutifafa vavãtɔ gbaɖegbea? [Na wòaƒo nu.] Togbɔ be ame geɖe le mɔ kpɔm kakaɖedzitɔe na amegbetɔ ƒe dziɖulawo be woahe ŋutifafa vɛ hã la, de dzesi alesi Mawu do ŋugbe be yeana ŋutifafa navae, abe alesi wogblɔe le Psalmo 46:10 ene. [Xlẽe.] Tɔtrɔ kawoe nèsusu be nusi Mawu awɔ la ahe va anyigba la dzi?” [Ðo to nàse aƒemenɔlaa ƒe ŋuɖoɖoa, emegbe naʋu Agbe Tegbee-gbalẽa ƒe axa 156-8 ne miadzro nya siwo woŋlɔ ɖe fotoawo gbɔ la me.] Ne ewɔe alea vɔ la, ate ŋu ana agbalẽae. Wɔ ɖoɖo natrɔ ayi be nàdzro nyabiabia si nye “Nukae Mawu ƒe Fiaɖuƒea Awɔ?” to Agbe Tegbee-gbalẽa ƒe ta 19 zazã me. Ne aƒemenɔla mexɔ agbalẽa o la, ekema na Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me ƒe trakt la.
3 Alo míate ŋu agblɔ be:
◼ “Ame geɖe le nu xam le kuxi sesẽ siwo mí katã míedoa goe gbesiagbe la ŋu. Èsusu be mɔkpɔkpɔ aɖe li be míava kpɔ gbɔdzɔe tso kuxi siawo mea? [Na wòaƒo nu.] Ame aɖewo asee le wo ɖokui me be Mawu metsɔ ɖeke le xaxa si le mía dzi la me o. Gake de dzesi ŋugbe si wòdo le Nyaɖeɖefia 21:3, 4.” Xlẽ kpukpui siawo. Àte ŋu atsɔ Agbe Tegbee ƒe agbalẽa, magazine yeye aɖe, alo trakt si nye Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia? anae. Ne trakt ye nèna la, àte ŋu adzro nya si le axa 2 kple 3 lia me le tanya sue si nye “Xexeme Sia ƒe Etsɔ Me” te la me. Àte ŋu atso nya me le agbalẽ bubu si nànae ŋu. Ne agbalẽ gbadza si nye Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa? ye nèna la, ate ŋu abia be: “Nukatae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo?” Fia asi agbalẽ gbadza la ƒe akpa 6 lia eye nàwɔ ɖoɖo be nàdzro eme kplii ne ègatrɔ va.
4 Àte ŋu atiae be yeazã magazine yeyeawo me nyati aɖe ne eƒo nu tso nyati si nètia la me nya vevi aɖe ŋu.
Ekema àte ŋu atsɔ magazine la fiae eye nàgblɔ be:
◼ “Nyati sia ɖe nya si me dzrom míele la me tsitotsito wu. [Xlẽ nyagbe ɖeka alo eve si nètia do ŋgɔ.] Nyatia gaƒo nu tso nya bubu siwo ade dzi ƒo na mia kple wò ƒomea ŋu. Adzɔ dzi na mí be míagblẽ magazine sia kple eƒe kpeɖeŋutɔ ɖe gbɔwò.” Ne aƒemenɔlaa xɔ magazineawo la, asɔ be nàwɔ ɖoɖo agatrɔ yi.
5 Amewo tɔtɔna egbea zi geɖe ne eɖo afisi woatrɔ ɖo be woakpɔ kuxi siwo le ameƒomea dzi la gbɔ. Enye mɔnukpɔkpɔ na mí be míagblɔ etsɔ me mɔkpɔkpɔ nyui si li la ŋu nya na wo. (Dɔw. 17:27) Eyata mina míado vevie nu ahe amewo ƒe susu ayi Mawu ƒe Fiaɖuƒe si nye ŋutifafa vavãtɔ tsoƒe la dzi.