INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/94 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena March

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena March
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 7
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 14
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 21
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 28
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 3/94 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena March

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 7

Hadzidzi 200

15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Dzro “Na Young People Ask ƒe Agbalẽa” me eye nàde dzi ƒo na gbeƒãɖelawo be woazã agbalẽ ma le ɣeyiɣi si sɔ me.

15 min: “Lé Wò Mɔkpɔkpɔ Me Ʋuʋu le Dutoƒo Me Ðe Asi Sesĩe Maʋãmaʋãe.” Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla natsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee. Na amesiwo te ŋu ɖu vɔvɔ̃ na nyaŋuɖoɖo le kpekpewo me dzi la nagblɔ alesi wowɔ ɖu kuxi sia dzi. Te gbe ɖe dzadzraɖo ƒe hiahiã dzi. De dzi ƒo na hamea be woadzra ɖo be woakpɔ gome le hamea ƒe Gbetakpɔxɔa sɔsrɔ̃ me kwasiɖa sia kwasiɖa.

15 min: “Ðe Gbeƒã Nyaɖeɖefia me Gbedasi Ʋãme La.” Nyaselawo nakpɔ gome le eme. Na gbeƒãɖela siwo dzra ɖo nyuie nawɔ wɔwɔfiawo le memamã 2-4 lia me. Le wɔwɔfia ɖesiaɖe wɔwɔ vɔ megbe la, na nyaselawo nagblɔ nusi wosrɔ̃ le eme. De dzi ƒo na amesiame be wòana Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa le ɣleti sia me.

Hadzidzi 225 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 14

Hadzidzi 205

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo, tsɔ gakɔntabubuwo kple nudzɔdzɔwo ƒe akpedanyawo hã kpee. Ƒo nu tso nya vevi siwo ŋu woate ŋu aƒo nu le le magazine yeyeawo me le gbeadzisubɔsubɔdɔa me le kwasiɖa sia me ŋu.

15 min: “Àte Ŋu Akafu Yehowa Geɖe Wu le April Mea?” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo tsɔtsɔ dzro emee. Na amesiwo wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa va yi la naƒo nu. Na woagblɔ alesi wowɔ ɖoɖo ɖe woƒe dɔwo ŋui be wote ŋu xɔ subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ sia la ŋu. De dzi ƒo na amesiame be wòawɔ ɖoɖo ɖe kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le April me ŋu eye be woatsɔ woƒe dɔbiagbalẽwo ana kaba.

20 min: “Na Woƒe Dzi Nedze Eme le Ŋkuɖodzia Ðuƒe.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo tsɔtsɔ dzro emee. Ne miedzo memamã 3 lia me vɔ la, na subɔsubɔdɔwɔla nawɔ alesi woaxɔ ame yeye va Ŋkuɖodzia ɖuƒee ƒe wɔwɔfia.

Hadzidzi 150 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 21

Hadzidzi 143

12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. De dzi ƒo na amesiame be wòakplɔ ɖetsɔlemetɔwo va dutoƒonuƒo tɔxɛ si woaƒo le April 10 lia dzii. Nyabiaɖaka. Ðe eme be ne ame aɖe si ɖe srɔ̃ le dekɔnu nu nɔa agbe nyui la, womate ŋu axe mɔ nɛ be megaɖe gbeƒã o, togbɔ be made eƒe srɔ̃ɖeɖea agbalẽ me haɖe o hã.

18 min: “Kpe Ðe Wo Ŋu be Woawɔ Ðe Gbedasia Dzi.” Numedzodzro. Na woawɔ wɔwɔfia siwo ŋu wodzra ɖo ɖo nyuie le memamã 2 kple 3 lia me.

15 min: Miaƒe nuhiahiãwo, miate ŋu aƒo nu tso Ŋkuɖodzia ŋuti ɖoɖowo ŋu. Alo nuƒo si me miade December 22, 1993 ƒe Awake! axa 25-27 ƒe nyati si ƒe tanyae nye “Nukatae Mele Be Woanɔ Agbe Eve o?” kple January 22, 1994 ƒe tata ƒe axa 18-20 si ƒe tanyae nye “Aleke Mawɔ Adzudzɔ Agbevenɔnɔ?” eme. Mègagblɔe wòatɔ ame o, gblɔe dzideƒotɔe wòanye tutuɖo boŋ.

Hadzidzi 121 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 28

Hadzidzi 112

15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ƒo nu tso mɔnu siwo li be míatsɔ aɖi ɖasee le hamea ƒe anyigbamamã me kple April ƒe agbalẽnunana la ŋu eye nàwɔ woƒe wɔwɔfiawo. Gblɔ alesi gbeƒãɖela aɖewo wɔ nudɔdɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔwo.

15 min: Hamemegã nazã Ƒe 1994 Ƒegbalẽa me nya vevi siwo le axa 19-32 atsɔ aƒo nu tso Fiaɖuƒedɔa ƒe takeke le xexeame katã ŋu eye wòate gbe ɖe akpa siwo me miaƒe hamea dze agbagba le dzi. Ðe alesi Yehowa le eƒe ame siwo dome amesiwo ƒe nɔnɔme meɖe mɔ na wo be woawɔ geɖe o hã le la yram la fia.

15 min: “‘Nunana Nyuiwo Katã’ Nala.” Hamemegã ƒe nuƒo si wotu ɖe December 1, 1993 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 28-31 me nyawo dzi.

Hadzidzi 15 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe