INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/94 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena April

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena April
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa Si Dze Egɔme April 4
  • Kwasiɖa Si Dze Egɔme April 11
  • Kwasiɖa Si Dze Egɔme April 18
  • Kwasiɖa Si Dze Egɔme April 25
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 4/94 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena April

Kwasiɖa Si Dze Egɔme April 4

Hadzidzi 16

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒaɖeɖewo. Ðo ŋku nuƒo tɔxɛ si woaƒo le April 10 dzi la dzi na wo katã, eye eƒe tanyae nye “Subɔsubɔ Vavãtɔ Kpɔa Ameƒomea ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ.” Midze agbagba miakpe ame yeyewo woava see.

15 min: “Gbetakpɔxɔ Kple Nyɔ!—Nyateƒegbalẽwoe Wonye.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. Na nyaselawo nagblɔ mɔnu siwo wozã tsɔ dzi woƒe magazinenana ɖe edzii. Na ame aɖewo nagblɔ nuteƒekpɔkpɔwo alesi ɣeyiɣi aɖe mɔe.

20 min: “Na Magazine Siwo Nyo Wu Ðesiaɖe le Xexeame La.” Dzro nyatia me kple nyaselawo nàte gbe ɖe viɖe tɔxɛ siwo le magazineawo ŋu dzi. Ne miele memamã 2 lia me dzrom la, na gbeƒãɖela bibi nagblɔ alesi woawɔ anya emenyawo kple alesi woadzra ɖo ɖe enana ŋui. Wɔ wɔwɔfia eve siwo afia alesi woana April 1 ƒe Gbetakpɔxɔ kple March 22 ƒe Awake! Ðo aɖaŋu le nyati siwo ŋu woate ŋu aƒo nu le le Nyɔ! yeyewo nana me ŋu nàtsɔ aƒo etae.

Hadzidzi 69 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa Si Dze Egɔme April 11

Hadzidzi 80

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro Nyabiaɖaka me nya veviwo me.

15 min: “Subɔsubɔ Kpekpea Dzraa Mí Ðo Hena Dɔ Nyui Sia Dɔ Nyui Wɔwɔ.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. Wɔ alesi ƒomea aɖe dzrana ɖo ɖe kpekpewo ŋui fia; nàte gbe ɖe (1) dzadzraɖo do ŋgɔ, (2) to ɖoɖo nyuie, kple (3) gomekpɔkpɔ le eme dzi.

20 min: “Naneke Megana Nàtra le Yehowa Subɔsubɔ me O.” Emedegbalẽvi. Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. Dzro memamã 1 vaseɖe 6 lia me.

Hadzidzi 90 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa Si Dze Egɔme April 18

Hadzidzi 100

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Xlẽ gakɔntabubuwo kple nudzɔdzɔwo ƒe akpedanya ɖesiaɖe siwo tso Habɔbɔa gbɔ.

15 min: “Trɔ Yi Amesiwo Nèna Magazine Kple Agbalẽ Gbadzae la Gbɔ.” Dzro eme kple nyaselawo. Na woagblɔ nusita wòhiã be woanya magazineawo me nyawo nyuie eye woadzro alesi aƒemenɔla xɔ nya lae le yiyi zi gbãtɔ me nyuie atsɔ anya nya si asɔ wu si woagava gblɔ. Na gbeƒãɖela bibiwo nawɔ dzeɖonya siwo míegblɔ la ƒe wɔwɔfiawo alesi ɣeyiɣi aɖe mɔe.

20 min: “Naneke Megana Nàtra le Yehowa Subɔsubɔ me O.” Emedegbalẽvi. Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. Dzro memamã 7 vaseɖe 12 lia me.

Hadzidzi 51 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa Si Dze Egɔme April 25

Hadzidzi 70

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Teokrasi Nyadzɔdzɔwo. “Kpekpeɖeŋu le Gbesiagbe Kuxiwo Dzi Ðuɖu Me.”

15 min: Xɔse. Etso Reasoning-gbalẽa ƒe axa 129-32 me. Hamemegã kple sɔhɛwo ƒe ƒuƒoƒo ƒe numedzodzro. Hamemegã dzro nusi xɔse nye me, eye wòbia nyawo ƒuƒoƒoa. Nukata xɔse mele ame geɖe si o? Nuka dzie míaƒe xɔse nɔ te ɖo? Aleke míatu xɔse sesẽ ɖoe? Aleke míaɖe xɔse sia afiae? Hamemegã kafu ƒuƒoƒoa hede dzi ƒo na wo tsɔ ƒo etae.

20 min: “Dzadzɛnyenye Dea Bubu Mawu Ŋu.” Hamemegã nadzro nyatia me kple nyaselawo. Woaƒo eta kple nuƒo kpui si dzro aɖaŋu si woɖo le June 1, 1989 ƒe Watchtower axa 15-20 me la me.

Hadzidzi 75 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe