Subɔsubɔkpekpewo Hena June
Kwasiɖa si Dze Egɔme June 6
Hadzidzi 9
12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me gbeƒãɖeɖe siwo ku ɖe mia ŋu. “Miwɔ Agbalẽ Siwo ƒe Ŋkume Biã Hã Ŋudɔ!” Nuƒo. De dzi ƒo na nyaselawo be woaɖo ŋku edzi axɔ Creation-gbalẽa na gbeadziyiyi le kwasiɖanuwuwu sia.
18 min: “Ðe Nèle Nu Ƒãm le Agbɔsɔsɔ Mea?” Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. Kpe nyaselawo be woagblɔ woawo ŋutɔ ƒe nutekpɔkpɔwo le yayra siwo su wo si esi wogadze agbagba vie kpee le woƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖewo wɔwɔ me la.
15 min: “Kpekpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu be Woawo Hã Nade Bubu Mía Wɔla la Ŋu.” Dzro eme kple nyaselawo. Wɔ wɔwɔfia eve tsɔ fia alesi míate ŋu azã etsɔtsɔna ƒe aɖaŋuɖoɖoawoe.
Hadzidzi 30 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme June 13
Hadzidzi 28
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Xlẽ gakɔntabubuwo kple nudzɔdzɔ siwo Habɔbɔa xɔ la ŋuti akpedanyawo. Gblɔ numeɖeɖe kpui siwo fia alesi woyraa amesi me nunanagbɔgbɔ le lae.—Lod. 11:24a.
15 min: “Nana be Woaxɔ Ameƒomea Wɔla la Dzi Ase.” Dzro eme kple nyaselawo. Ne ɣeyiɣia ɖe mɔ la, wɔ tɔtrɔyiwɔwɔ siwo ƒe aɖaŋu woɖo la dometɔ ɖeka.
20 min: “Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ Doa Hehenanadɔwo Ðe Ŋgɔ.” Nusɔsrɔ̃dzikpɔla aɖe nadzro eme kple nyaselawo. Te gbe ɖe alesi nyatia de dzi ƒo be (1) míadzi agbalẽ me nusrɔ̃ƒe dede ɖe edzi, (2) nyaŋuɖoɖo geɖe wu le nusɔsrɔ̃a me, kple (3) asikpekpe ɖe gbeadziyiyikpekpewo ŋu dzi.
Hadzidzi 65 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme June 20
Hadzidzi 31
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro mɔnukpɔkpɔ siwo li be sɔhɛwo nadzi woƒe gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me ɖe edzi me; wo dometɔ aɖewo ate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Wo dometɔ siwo le suku nu wum la nade ŋugble le ɖoɖo siwo wowɔ ɖe etsɔ me ŋu nyuie kple taɖodzinu be yewoada Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe nɔƒe gbãtɔ.
15 min: Miaƒe nuhiahiãwo. Alo miƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Dɔ Kae Matia Awɔ?” si tso May 8, 1989, Awake! ƒe axa 12-14 me.
15 min: “Ðe Nèle Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔma?” Hamemegã ƒe nuƒo si wotu ɖe March 1, 1994, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 28-30 dzi.
Hadzidzi 223 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme June 27
Hadzidzi 174
5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.
15 min: “Kpekpe Hena Gbeadziyiyi Siwo Ðea Vi.” Subɔsubɔdɔdzikpɔla natsɔ nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo adzro emee. Ne miele memamã 3 lia me dzrom la, ƒo nu tso Reasoning-gbalẽa ƒe ŋgɔdonya ɖeka alo eve siwo miate ŋu azã le kwasiɖanuwuwu sia la ŋu. Ne mieɖo memamã 5 lia dzi la, ƒo nu tso kuxi siwo ku ɖe míaƒe nuwɔna le gbeadzi siwo miede dzesi le mia gbɔ la ŋu; ɖo aɖaŋu siwo ana woatrɔ asi le eŋu la dɔmenyotɔe.
25 min: “1994 Yehowa Ðasefowo ƒe ‘Mawuvɔvɔ̃’ Nutome Gã Takpekpea.” Agbalẽŋlɔla natsɔ nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo adzro emee. Mixlẽ memamã kple mawunyakpukpui veviwo ko. De dzi ƒo be woayi Bolgatanga takpekpea, togbɔ be fifia Habɔbɔa mawɔ ʋu ƒe ɖoɖo tɔxɛ aɖeke na yiyi o hã. Hame siwo me nuwɔametɔwo le la ate ŋu aƒo nu tso nuhiahiã tɔxɛwo ŋu.
Hadzidzi 118 kple gbedodoɖa hena kpakpã.