Kpekpe Hena Gbeadziyiyi Siwo Ðea Vi
1 Kpekpe aɖe si Yesu wɔ kple nusrɔ̃la yeye 70 siwo wòde dɔ asi na be wòadzra wo ɖo ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔ wɔwɔ ŋu la ƒe nuŋlɔɖi le Luka 10:1-11. Ena mɔfiame tɔxɛ siwo akpe ɖe wo ŋu woawɔ nu le ɖoɖo nu, adzra nya si woagblɔ ɖo ahanɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu la wo. Míasrɔ̃ nane le nuŋlɔɖi sia me ne míedzro eme.
2 Edze ƒã be nusrɔ̃la 70 la katã nɔ kpekpea me kple Yesu. Míegblẽa ɣeyiɣi geɖe ɖe kpekpe hena gbeadziyiyi ŋu ne ame aɖewo tsɔ megbetsitsi ɖo dɔe. Woƒe megbetsitsi wɔnɛ be ehiãna be woagbugbɔ amewo kple anyigbamamãwo amã. Esia hea ƒuƒoƒoa katã ɖe megbe zi geɖe. Mí katã míate ŋu awɔ míaƒe akpa dzi ava ɖe game dzi eye míadzra ɖo be míayi anyigbamamãwo me kaba.
3 Yesu gblɔ dzeɖonya aɖe koŋ na ƒuƒoƒoa si ŋu woaƒo nu le; eyae nye “Mawufiaɖuƒe la.” (Luka 10:9) Gbedasi ma ke wode asi na míawo hã be míaɖe gbeƒãe eye zi geɖe la, edzɔa dzi na mí be woaɖo aɖaŋu na mí le nya siwo míagblɔ ŋu. Kpekpea dzikpɔla ate ŋu axlẽ Reasoning-gbalẽa, si me ŋgɔdonya vovovo siwo wu 40 kple Ŋɔŋlɔawo me kpukpui siwo sɔ siwo woate ŋu azã le nɔnɔme vovovowo me le la me nya aɖewo. Dzeɖonya ɖeka alo eve me toto kpuie ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be nya aɖe natsi susu me na mí míagblɔ, eye wòana míaƒo nu kple kakaɖedzi wu le aƒewo me.
4 Menye nya siwo Yesu ƒe nusrɔ̃lawo agblɔ koe wògblɔ na wo o ke efia alesi woagblɔe la hã wo. (Luka 10:5, 6) Wɔwɔfia siwo wowɔna le Subɔsubɔ Kpekpea me fiaa alesi míaƒo nu nyuie la mí. Kpekpea dzikpɔla ate ŋu ato wɔwɔfia si wowɔ le kpekpe si va yi me la me eye wòaɖo aɖaŋu le alesi míate ŋu azãe le gbeadzi gbemagbe la ŋuti. Ŋɔŋlɔawo me dzeɖonya bɔbɔe aɖe ƒe wɔwɔfia kpui si woawɔ la ana míadzra míaƒe nyawo ɖo aƒo nu le wo ŋu.
5 Yesu fia nu eƒe nusrɔ̃lawo le nɔnɔme si woaɖe fia hã ŋu. (Luka 10:7, 8) Nenema ke kpekpea dzikpɔla hã ate ŋu ana mɔfiame mí tẽ be wòakpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na nusianu si ahe mí ɖa le míaƒe dɔa gbɔ. Ðewohĩ aɖo aɖaŋu be míaganɔ ƒu ƒom ɖe kpɔdomeewo alo agblẽ ɣeyiɣi atsɔ anɔ nya ʋlim kple tsitretsiɖeŋulawo o. Ate ŋu aɖo ŋku alesi wòhiã be míawɔ tso aƒeme yi aƒeme nuŋlɔɖi nyuiwoe dzi na mí. Ahiã be woaɖo ŋku edzi na dzilawo be woalé ŋku ɖe wo viwo ŋu nyuie.
6 Nusrɔ̃la 70 la wɔ ɖe Yesu ƒe nufiamea dzi eye ‘wogbugbɔ va kple dzidzɔ’ emegbe. (Luka 10:17) Ne míewɔ ɖe nufiame siwo míexɔna ne míekpe ta hena gbeadziyiyi dzi la, míawo hã míakpɔ mɔ be míakpɔ dzidzɔ geɖe wu le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒegbedasia me.—Dɔw. 13:48, 49, 52.