Gbeƒãɖeɖewo
◼ June ƒe agbalẽnunana: Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? July: Mina axa 32-gbalẽvi ɖesiaɖe si le hamea si xoxo la ƒe etɔ̃ ƒokpli. Ne agbalẽviwo mele hamea si o la, miate ŋu ana agbalẽ gbadza si sɔ la ɖe eteƒe. Miate ŋu adɔ axa 32-gbalẽviawo le Habɔbɔa gbɔ. August: Miate ŋu ana axa 32-gbalẽ gbadza siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe: Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?; Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!; “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye”; Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea?; The Divine Name That Will Endure Forever; Dziɖuɖu Si Ahe Paradiso Vɛ; Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu?—Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?; kple Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo. September: Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi. MIDE DZESII: Hame siwo ahiã gbeadziyigbalẽ siawo la nadɔ wo le woƒe “Literature Request Form” (S-14) si woagaɖo ɖa le ɣleti si kplɔe ɖo me la dzi.
◼ Tso October 3, 1994 dzi la, agbalẽ si míasrɔ̃ le Hamea ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒee nye Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
◼ Zimenɔla alo amesi wòtia nato hamea ƒe gakɔnta me le June 1 dzi alo emegbe kpuie. Miɖe gbeƒãe na hamea ne miewɔe vɔ.
◼ Habɔbɔa le ƒe 1960 vaseɖe 1969 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ bablawo tam be woanye agbalẽ siwo anɔ anyi ɖaa hamewo nadɔ. Amesiwo di be yewoaxɔ agbalẽ babla siawo la nadɔ wo to hamea dzi. Taflatse miɖo ŋku edzi be agbalẽ babla siawo nye nudɔdɔ siwo ŋu ɖoɖo le.
◼ Míeɖo Anyigbamamã si Le Nuvo ƒe Dɔbiagbalẽvi (S-90) eve ɖe hame ɖesiaɖe. Taflatse mikpe evea siaa ɖo nyuie eye miaɖo ɖeka ɖe Habɔbɔa kaba be woawɔ dɔ le eŋu. Míele edom ɖa be miatia ɣleti etɔ̃ siwo sɔ na hamea la ɖe wo nɔewo nu miatsɔ awɔ dɔ le anyigbamamã si le nuvo me. Míele ŋku ɖom edzi na hamewo be woaɖo woƒe dɔdasiwo ŋuti nyatakakawo ɖe Habɔbɔa ne wowu nu.
◼ Ele vevie be ƒuƒoƒo siwo me ame 30 alo esi wu ema le eye wole ɖoɖo wɔm be yewoaɖi tsa va Betel la naŋlɔ lɛta na alɔdzedɔwɔƒea do ŋgɔ. Taflatse miŋlɔ ame xexlẽme si ava kple ŋkeke si dzi miava. Woɖe esia me nyuie ɖe February 1993 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 3.
◼ Abe alesi woɖe gbeƒãe ɖe June 1992 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me ene la, hame ɖesiaɖe ƒe agbalẽŋlɔla akpɔ nya siwo ku ɖe takpekpe gã ŋu la gbɔ. Ne meli o la, woatia hamemegã bubu si dze la ɖe eteƒe be wòakpɔ dɔdasi siawo gbɔ.
◼ Agbalẽ Siwo Gali:
Eŋlisigbe: Toɖoɖo Nufiala Gã La; Theocratic Ministry School Guidebook; Sing Praises to Jehovah (Hadzigbalẽ suetɔ); Traktwo: Nukae Yehowa Ðasefowo Xɔ Se?; Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me; Mɔkpɔkpɔ Kae Li na Lɔlɔ̃tɔ siwo Ku?; The Road Leading to Paradise (Na Moslemtɔwo) Eʋegbe: Biblia; Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi (Suetɔ).
◼ Agbalẽ Yeye Siwo Gava:
Eʋegbe, Gɛgbe kple Twi: Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu?