Yehowa Ðasefowo ƒe Ƒe 1994 “Mawuvɔvɔ̃” Nutome Gã Takpekpe
1 Ame 117,116 siwo de ƒe 1993 “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpeawo le Ghana la dometɔ geɖe ɖe dzidzɔ si wokpɔ ɖe nuƒo siwo tu ame ɖo le gbɔgbɔ me ŋu la gblɔ. Ame yeye 2,089 si nye agbɔsɔsɔ ɖedzesi lae xɔ nyɔnyrɔ̃ le esi wole wɔwɔm ɖe Mawu ƒe nufiafia si le Biblia me dzi ta. Ele be takpekpe tuameɖo si me míese vivi le le ƒe si va yi me naʋã mí be míadze agbagba ɖesiaɖe ayi “Mawuvɔvɔ̃” Nutome Gã Takpekpe ʋãme siwo gbɔna la hã. Togbɔ be kuxi geɖe dze ŋgɔ ameƒomea egbea hã la, mí katã míadze agbagba ɖesiaɖe be mía ŋutɔwo míayi takpekpea eye míawɔ ɖoɖo na míaƒe Biblia Nusrɔ̃viwo hã be woayi kpli mí. Ade dzi ƒo na mí ŋutɔ eye wòado ŋusẽ mí be míayi edzi asubɔ Yehowa le mawuvɔvɔ̃ me eɖanye afɔklinu kawoe ado mo ɖa le ɣeyiɣi siwo gbɔna me o.
2 Kpɔ egbɔ nàwɔ wò takpekpeyiɖoɖowo nyuie le gbedodoɖa me ale be nàte ŋu ava se vivi le ŋkeke etɔ̃ ƒe gbɔgbɔmeɖuɖu nyuiawo katã me tso hadzidzi si woatsɔ aʋu enui dzi vaseɖe gbedodoɖa mamlea dzi. De amesiwo ahiã kpekpeɖeŋu la hã wò ɖoɖowo me lɔlɔ̃tɔe, vevietɔ ɖetsɔlemetɔ yeyewo, ale be woawo hã nate ŋu ayi ase nuƒoawo katã. Anyo ŋutɔ be nàdzro nya siwo le emedegbalẽvi sia me kple Biblia-nusrɔ̃vi ɖesiaɖe si aɖoe be yeayi. (Gal. 6:10) Woatsɔ hadzidzi adze takpekpea gɔmee le Fiɖagbe ŋdi ga 9:50 me eye wòawu enu le ɣetrɔ ga 5:00 me lɔƒo. Memleɖagbe takpekpea adze egɔme le ŋdi ga 9:00 me eye woatsɔ hadzidzi kple gbedodoɖa awu enu le ɣetrɔ ga 5:00 me lɔƒo. Kwasiɖagbe ŋdi takpekpea adze egɔme le ga 9:00 me eye ŋkeke ma ƒe takpekpea awu enu le ɣetrɔ ga 4:15 me lɔƒo. Nya siwo gbɔna la akpe ɖe ŋuwò le dzadzraɖowo wɔwɔ me.
3 Afisi Miayi Le: Le teƒe ɖesiaɖe kloe la, afisi woɖo be miayi takpekpea lee te ɖe miaƒe hamea ŋu wu. Míewɔ ɖoɖo ɖe nɔƒe, agbalẽ, nuɖuɖu, dzeƒewo, kple nu bubuwo siwo asu la ŋu ɖe alesi hame siwo míetia takpekpea na la ƒe gbeƒãɖelawo ƒe akpa gãtɔ ava la nu. Ðoɖoa dze le emedegbalẽvi sia ƒe axa 6 lia. Eyata ele vevie be hamewo katã nadze agbagba awɔ ɖe ɖoɖoa dzi. Esia hiã vevietɔ le dugã me hamewo gome.
4 Ne míewɔ ɖoɖo be woawɔ takpekpe eve le gbegbɔgblɔ ma ke me le dugã me la, nɔvi aɖewo adi be yewoade wo katã. Togbɔ be esia ana ame nɔewo tutu ɖo ƒe mɔnukpɔkpɔ geɖe ame hã la, ehea kuxiwo vɛ le takpekpe me nuzazãwo gome eye wògblẽa tameɖoɖo si nye be vavalawo nagasɔ gbɔ akpa o be dɔ si woawɔ do ŋgɔ na takpekpe kple emegbe dzi naɖe akpɔtɔ la me. Le nusiawo ta la, míele biabiam tso dugã me nɔviwo si be woayi takpekpe si míeɖo be woayi la ɖeɖeko le du la me. Ne wolɔ̃ be yewoayi takpekpe bubu le du bubu me la, ema asɔ na mí. Le nɔvi siwo woade dɔ asi na be woakpɔ takpekpeɖoɖo aɖewo siwo hiã kpata gbɔ eye le esia ta nuƒoa aɖewo to wo ŋu gome la, míeɖe mɔ na wo be woagate ŋu ayi takpekpe bubu le dugã ma ke me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne nɔvi aɖewo hã adi be yewoayi takpekpe si woawɔ le dugã me ɖe takpekpe si míeɖo be woƒe hamea nayi teƒe le gbegbɔgblɔkuxiwo ta la, míeɖe mɔ le esia hã ŋu.
5 Le kɔƒe me hame aɖewo gome la, gbegbɔgblɔ, ʋu ƒe anyimanɔmanɔ, kple teƒea ƒe didime ana wòasɔ na wo wu be woayi takpekpea le afisi míetia na wo o. Le kpɔɖeŋu me, Kasoa kple Nyanyanu Hameawo adi be yewoayi Accra “B” alo Accra “C” takpekpea ɖe Akim Oda tɔ teƒe. Hame siwo le nɔnɔme sia me ate ŋu ayi takpekpe siwo wodi. Gake ele be hame siwo ayi takpekpe bubu si menye eyae wotia na woƒe nutoa o la nana nutome sue dzikpɔla nanya do ŋgɔ ale be magawɔ ɖoɖo ɖe wo sasrãkpɔ ŋu le kwasiɖa si me womanɔ anyi o la me o.
6 Dzeƒe Ŋuti Mɔfiamewo: Míele Xɔbiagbalẽviwo ɖom ɖe hame ɖesiaɖe. Ne miehiã dzeƒe to takpekpea dzikpɔlawo dzi la, ekema taflatse mikpe Xɔbiagbalẽvi ɖo ne miatsɔe na hamea ƒe agbalẽŋlɔla wòato eme, eye miaɖoe ɖe afisi miayi takpekpea le. MIGAÐO Xɔbiagbalẽviwo kple takpekpe ŋu lɛta bubuwo ɖe alɔdzedɔwɔƒea le Accra O.
7 Hiahiã Tɔxɛwo: Gbeƒãɖela siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui kple wo vi siwo ƒe agbenɔnɔ ŋu nya meku ɖo o siwo dzi Hamea ƒe Subɔsubɔkɔmiti da asi ɖo koe woawɔ ɖoɖo sia na. Ele be hamewo nawɔ ɖoɖo na amesiwo ŋu hiahiã tɔxɛwo le le afisi woayi takpekpea le, ke menye be woada agba sia ɖe takpekpea dzikpɔƒea dzi o. Hamemegãwo kple ame bubu siwo nya nu le ameawo ƒe nɔnɔmewo ŋu la ate ŋu akpe ɖe wo ŋu le lɔlɔ̃ me. Zi geɖe la, esia biana be gbeƒãɖelawo nabu amesiwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me, ame tsitsiwo, nuwɔametɔwo, kple ɖewohĩ ame bubuwo ŋu. Gbeƒãɖelawo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu akplɔ wo ɖe asi vɛ alo woakpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ le mɔ bubuwo nu.—Yak. 2:15-17; Yoh. I, 3:17, 18.
8 Le nyateƒe me la, Dzeƒe Dzikpɔlawo adze agbagba ana dzeƒe gbeƒãɖela siwo ŋu hiahiã tɔxɛ le ne hamea me tɔwo mate ŋu ana kpekpeɖeŋu wo o. Ele be gbeƒãɖela siawo nadzro woƒe nɔnɔmea me kple hamea ƒe agbalẽŋlɔla la. Agbalẽŋlɔla naƒo nu le nya la ŋu na Hamea ƒe Subɔsubɔkɔmitia be woanya ne hamea ate ŋu akpe ɖe amesiawo ŋu be woa ŋutɔwo nadi woƒe dzeƒewo hã. Ne hamea mate ŋu ana kpekpeɖeŋu si hiã o la, ke agbalẽŋlɔla la nana Xɔbiagbalẽvi ɖeka amesiawo. Amesi le xɔ biam lae akpee ɖo. Emegbe wòagbugbɔe na agbalẽŋlɔla be wòalé ŋku ɖe eŋu be ekpe ye katã ɖo, ekpee ɖo nyuie, eye nɔnɔme siwo tae wòdze be woave amea nu dze le edzi la ŋu. Agbalẽŋlɔla la AÐE nɔnɔmea me TSITOTSITO le lɛta bubu me. Ele be woawɔ esia katã ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na takpekpea. Agbalẽŋlɔla la atsɔ Xɔbiagbalẽvia ayi Dzeƒe Dɔwɔƒea. Woagblɔ dzeƒea ŋu nya na amesi le xɔ biam la tẽ.
9 Ele be amesiwo ŋu hiahiã tɔxɛ le la nana Hamea ƒe Subɔsubɔkɔmitia me tɔ ɖeka nakpe ɖe wo ŋu wòayi afisi wokpɔa dzeƒenyawo gbɔ le ɖe woƒe Xɔbiabia ta ne woɖo takpekpewɔƒea teti.
10 Miwɔ Nu Aduadu Kpli Mí: Dzeƒe ŋuti ɖoɖo sia ƒe dzidzedzekpɔkpɔ nɔ te ɖe amesiwo katã ŋu nya la ku ɖo ƒe nuwɔwɔ aduadu dzi. (Heb. 13:17) Eyata míele biabiam tso amesiame si be wòakpe asi ɖe Habɔbɔa ƒe dzeƒe ŋuti ɖoɖoa ŋu bliboe eye wòanɔ afisi wonae be amewo nagava sɔ gbɔ le teƒe aɖewo fũ o.
11 Nuɖuɖunyawo: Woawɔ nuwo wɔwɔ be woanɔ bɔbɔe wu ƒe ɖoɖoa ŋudɔ le nuɖuɖu nyui siwo ɖaɖa le bɔbɔe nana me ale be gbɔgbɔmenuɖuɖu tuameɖoa naɖe vi na lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo siwo le Nuɖuɖudɔwɔƒea hã. Habɔbɔa kpɔ ŋudzedze ɖe alesi miekpe asi ɖe eŋu le takpekpe siwo míewɔ va yi me ŋu eye míele dzi dem ƒo be miagayi edzi ado vivi ɖe ŋutilãmenuɖuɖunana ƒe ɖoɖo siwo woawɔ le Nuɖuɖudɔwɔƒea le takpekpeawo me ŋu.
12 Bolgatanga Takpekpea: Woawɔ “Mawuvɔvɔ̃” Nutome Gã Takpekpeawo ƒe mamletɔ le Bolgatanga tso January 6 vaseɖe 8, ƒe 1995 me. Woado Frafragbe kple Twi abe alesi wowɔe le “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpea me ene. Eva hiã be míawɔ takpekpea le Bolgatanga ɖe Tamale teƒe le tɔtɔ si le Anyiehenutoa me ta. Míele dzi dem ƒo na nɔvi siwo katã ate ŋui la be woayi takpekpe sia, gake Habɔbɔa mawɔ ʋu ƒe ɖoɖo tɔxɛwo fifia ya o. Míele dzi dem ƒo na amesiwo aɖoe be yewoayi la be woaɖi ɖase tso aƒeme yi aƒeme kple vomeɖase ne wole Bolgatanga. Togbɔ be Habɔbɔa mawɔ ɖoɖo ɖe bɔs tɔxɛwo ŋu fifia o hã la, míele dzi dem ƒo na amesiwo katã di be yewoayi be woadze dzadzraɖo ɖe takpekpea ŋu gɔme.
13 Dɔwɔwɔ Do Ŋgɔ Na Takpekpe: Míekpɔ ŋudzedze ɖe alesi míena kpekpeɖeŋu le go sia me le takpekpe siwo míewɔ va yi me la ŋu ŋutɔ. Míagatu agbadɔ, adi xɔ na vavalawo, ahawɔ dɔ bubuwo abe alesi míewɔnɛ ɖaa ene. Míeka ɖe edzi be amesiwo katã le takpeduwo kple hame siwo te ɖe wo ŋu me la awɔ ɖoɖo akpɔ gome le dɔ vevi sia me bliboe le kwasiɖanuwuwuwo kple kwasiɖaŋkekewo siaa dzi. Míahiã lɔlɔ̃nu faa kpekpeɖeŋunana geɖe le takpekpea wɔɣi hã, eyata mia kple wò ƒomea miwɔ ɖoɖo be míakpɔ gome le esia me le takpekpe si miayi me.
14 Takpekpe ƒe Akɔtagbalẽviwo Kple Woƒe Kotokuwo: Míele aɖaŋu ɖom na hame ɖesiaɖe be woazã “Literature Request Form” (S-14) atsɔ adɔ “Mawuvɔvɔ̃” Nutome Gã Takpekpe ƒe akɔtagbalẽviwo kple woƒe aŋekotokuwo. Taflatse mikpɔ egbɔ be miekpe agbalẽvia ɖo eye miaɖo ɖeka ɖe Habɔbɔa KABA ale be míate ŋu awɔ dɔ tso miaƒe takpekpe nuhiahiãwo ŋu le esia gome ɖe game dzi. Nenɔ susu me na mi be miakpɔ akɔtagbalẽviawo kple aŋekotokuawo aƒle le takpekpeawo me o.
15 Hadzidzi: Ha siwo woadzi le takpekpea mee nye esiwo gbɔna le ɖoɖo siwo nu woadzi wo ɖo la nu: 53, 175, 85, 79, 187, 155, 19, 13, 47, 180, 177, 113, 143, 191, 33, 114, kple 222. Le ɖekawɔwɔ me nuxlɔ̃amenya si le Efesotɔwo 5:19 me la, míele dzi dem ƒo na mi katã be miadzi ha akplɔ haƒoƒoa ɖo le takpekpeawo me.
16 Nya Léle Ðe Kasɛt Alo Video Dzi: Habɔbɔa mawɔ nuƒoawo alo dramawo léle ɖe mɔ̃ dzi ƒe ɖoɖo aɖeke o. Amesiwo ŋutɔ alé nya ɖe mɔ̃ dzi hena woa ŋutɔwo ƒe zazã la nawɔ esia le mɔ si maɖe fu na vavala bubuwo alo aɖe woƒe susu ɖa o la nu. Vevietɔ mele be woatsi ka ɖe elektrikŋusẽa kple nuƒomɔ̃awo ŋu o. Míakpɔ ŋudzedze ɖe alesi miawɔ ɖeka kpli mí le esia gome la ŋu ŋutɔ.
17 Nyataƒonya: Míaxɔ nufiame kple dzideƒo geɖe si ana míatsi le mawuvɔvɔ̃ me la le míaƒe “Mawuvɔvɔ̃” Nutome Gã Takpekpewo me. Woafia esia mí to nuƒowo, wɔwɔfiawo, kple drama kpakple nuteƒekpɔkpɔwo gbɔgblɔ me. Yehowa subɔla ɖesiaɖe newɔ ɖoɖo fifia be yewoayi “Mawuvɔvɔ̃” Nutome Gã Takpekpeawo ƒe ŋkeke etɔ̃awo katã tso hadzidzi si woatsɔ aʋu enui le Fiɖagbe ŋdi vaseɖe gbe mamle si woado ɖa le Kwasiɖagbe ŋdɔ me dzi.
[Aɖaka si le axa 8]
1994 “MAWUVƆVƆ̃” NUTOME GÃ TAKPEKPEWO
Ŋkekewo Kple Teƒe Siwo Miayi Le
Dec 16-18, 1994 Accra “A” Gɛgbe kple Eʋegbe 1, 3B, 12B Box 0190, Osu ƒe akpa aɖe
(Eʋegbe hamewo), 25, 34
Akim Oda Twi 13, 18, 28 ƒe Box 122 akpa aɖe(Winneba/Apam nutome), 30
Dunkwa Twi 11, 20A, 20B, 31 Box 97
Sunyani Twi 8, 21, 32 Box 75
Takoradi “A” Twi/Fanti 16, 17A, 17B Box 0166
Dec 23-25, 1994 Accra “B” Twi 2A, 26
Koforidua Twi kple Krobo 3A, 14, 15, 23 Box 192
Kumasi “A” Twi kple Eŋlisigbe 7, 22, 27A, Box 629 27B
Takoradi “B” Twi/Fanti 24, 28
Dec 30-Jan 1, 1995 Accra “C” Twi kple Eŋlisigbe 2B, 19A, 33
Ho Eʋegbe kple Twi 4, 5A, 5B, Box 77 19B, 29
Kumasi “B” Twi 10, 35
Nkawkaw Twi 9, 12A, 12B, Box 67 30 ƒe akpa aɖe (Afosu/Asamama nutowo me)
Jan 6-8, 1995 Bolgatanga Twi kple Frafra 6A, 6B, kple Box 30. amesiwo katã ate ŋu ayi.