Subɔsubɔkpekpewo Hena July
Kwasiɖa si Dze Egɔme July 4
Hadzidzi 141
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe siwo sɔ. Yɔ agbalẽvi siwo le hamea si nenye be ɖe le mia si; de dzi ƒo na gbeƒãɖelawo be woaxɔ wo atsɔ ayi gbeadzii. Ne agbalẽviwo mele hamea si o la, ke nàyɔ agbalẽ gbadza siwo miate ŋu azã.
10 min: Nyati si nye “Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye” me dzodzro. De dzi ƒo na amesiame be wòanɔ dzadzram ɖo tso fifia ɖe ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ si adze egɔme le July me ŋu. Ne ènya ŋkekea kple teƒea la, ke yɔe na wo.
8 min: Nyabiaɖaka. Nyabiabia kple ŋuɖoɖo tsɔtsɔ dzro emee.
17 min: “Wɔ Aƒeme yi Aƒeme Dɔa Madzudzɔmadzudzɔe.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. Na nyaselawo nagblɔ ŋudzedzekpɔkpɔnya siwo amesiwo ŋu woke ɖo zi gbãtɔ le ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa me la gblɔ la dometɔ aɖewo.
Hadzidzi 120 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme July 11
Hadzidzi 115
12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Xlẽ gakɔntabubuwo kple nudzɔdzɔ siwo Habɔbɔa xɔ ƒe akpedanyawo. Kafu nɔviawo ɖe nudzɔdzɔawo ta. (Mose II, 35:29) De dzi ƒo na gbeƒãɖelawo be woabu fiẽsiɖaseɖiɖi ŋu kpɔ—enyea ɣeyiɣi nyui aɖe na ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa alo tɔtrɔyiwo wɔwɔ.
15 min: Miaƒe nuhiahiãwo. Alo hamemegã aɖe si si nuteƒekpɔkpɔ su naƒo nu tso nyati si nye “Ne Afɔku Gbɔna la, Nɔ Adzɔge Nɛ,” si le February 15, 1994, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 22-5.
18 min: “Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Woasrɔ̃ Nyateƒea.” Dzro eme kple nyaselawo. Wɔ ɖoɖo be gbeƒãɖela bibiwo nawɔ ewɔwɔmɔnu siwo ƒe aɖaŋu woɖo la dometɔ eve alo etɔ̃ ƒe wɔwɔfia. Te gbe ɖe nya la gbɔgblɔ kpuie wòanɔ bɔbɔe ƒe vevienyenye dzi.
Hadzidzi 123 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme July 18
Hadzidzi 125
5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gblɔ kwasiɖanuwuwua ƒe gbeadziyiyiɖoɖowo, eye nàde dzi ƒo be woakpɔ gome le magazine nana me.
18 min: “Aleke Woasee ne Míetrɔ Yi O?” Dzro eme kple nyaselawo. Wɔ ewɔwɔmɔnu siwo ƒe aɖaŋu woɖo le memamã 3 lia kple 4 lia me la ƒe wɔwɔfiawo. Gblɔ nu bubu siwo tae wòle be míawɔ tɔtrɔyiwo kple susu be míadze nusɔsrɔ̃ gɔme la ŋuti numeɖeɖe bubuwo hã.
22 min: “Ðetsɔlemetɔwo Didi to Ablɔdziɖaseɖiɖi Nyui Me.” Subɔsubɔdɔdzikpɔla alo hamemegã bibi bubu si te ŋu wɔa ablɔdziɖaseɖiɖi nadzro eme kple gbeƒãɖela eve alo etɔ̃ siwo kpɔ nuteƒe le ablɔdziɖaseɖiɖidɔa me. Miate ŋu ade nuteƒekpɔkpɔ kpui eve alo etɔ̃ hã numedzodzroa me. Wɔ alesi míate ŋu azã mɔnu sia ana magazine yeyewoe la ƒe wɔwɔfia.
Hadzidzi 134 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme July 25
Hadzidzi 140
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Teokrasi Nyadzɔdzɔwo. Wɔ magazine yeyewo nana ƒe wɔwɔfia. De dzi ƒo na amesiame be wòakpɔ gome le magazine nana me.
15 min: “Ðeviwo Hiã Kpɔɖeŋu Nyui.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. Bia nya ɖevi ɖeka alo eve siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui. Na woagblɔ gbɔgbɔmetaɖodzinu siwo woɖo na wo ɖokui kple alesi woƒe agbagbadzedzewo na woƒe yayrawo dzi ɖe edzii.
20 min: Asitɔtrɔ le Míaƒe Gbeƒãɖeɖe Ŋu be Wòaganyo Ðe Edzi. Ƒome aɖe nawɔ alesi woadzra ɖo ɖe nyanyuia tsɔtsɔna ŋu afia eye woazã aɖaŋu siwo woɖo ɖe School Guidebook ƒe axa 99, memamã 9 lia me. Ƒomea me tɔ ɖeka wɔ alesi míagblɔ míaƒe nyawoe fia, ame bubuwo kafui eye woɖo aɖaŋu siwo ana wòaganyo ɖe edzi nɛ. Gblɔ tsitretsiɖeŋunya siwo miedoa goe le miaƒe nutoa me, eye nàƒo nu tso alesi woakpɔ wo gbɔe ŋu.
Hadzidzi 187 kple gbedodoɖa hena kpakpã.