Subɔsubɔkpekpewo Hena August
Kwasiɖa si Dze Egɔme August 1
Hadzidzi 159
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe veviwo. Wɔ magazine yeyewo me dzeɖonya siwo woate ŋu azã le gbeadzi kwasiɖanuwuwu sia la ƒe wɔwɔfia.
15 min: “Na Kakaɖedzi ƒe Nɔnɔme Nenɔ Asiwò.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Bia gbe mɔɖela alo gbeƒãɖela si le dɔa wɔm ɣeyiɣi didi aɖee nye sia la kpuie ne wòagblɔ alesi wòte ŋu nɔ te nyuie togbɔ be ɖekematsɔleme kple tsitretsiɖeŋu le anyigbamamã me hã.
15 min: “Agbalẽ Gbadzawo—Subɔsubɔdɔwɔnu Veviwoe Wonye.” Dzro eme kple nyaselawo. Wɔ enana ƒe mɔnu siwo wona mí la ƒe wɔwɔfia eve siwo ŋu wodzra ɖo ɖo nyuie. Tsɔ agbalẽ gbadza siwo woana le August me la ƒe ɖewo fia. Ðo ŋku edzi na nyaselawo be woaxɔ ɖewo atsɔ ayi gbeadzi kwasiɖanuwuwu sia.
Hadzidzi 142 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme August 8
Hadzidzi 216
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Teokrasi Nyadzɔdzɔwo.
15 min: “Nya Nɔviwòwo Nyuie.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Na nyaselawo nagblɔ nuteƒekpɔkpɔ kpui aɖewo atsɔ aɖe alesi wɔwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le memamã 6 lia me dzi kpe ɖe wo ŋu wote ŋu nya ame bubuwo nyuie wu la fia.
20 min: Vomeɖaseɖiɖidɔa Wɔwɔ Geɖe Wu. Gbeƒãɖela etɔ̃ alo ene nadzro alesi woate ŋu akeke wo tɔ gome ɖe enu le dɔ sia wɔwɔ me la me. Woazã Gbetakpɔxɔ, October 15, 1987, axa 22-7 (Eŋlisigbe me tɔ) me nyawo atsɔ dzro nusiwo ame bubuwo wɔ la me, eye woaƒo nu tso ɖoɖo si wowɔ be yewoawɔ geɖe le dɔ sia me la ŋu. Zimenɔla nade dzi ƒo na nyaselawo be woabu alesi woate ŋu akpɔ gome le subɔsubɔ ƒe akpa sia mee la ŋu vevie.
Hadzidzi 182 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme August 15
Hadzidzi 166
5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple gakɔntabubuwo kpakple nudzɔdzɔwo ŋuti akpedanyawo.
15 min: “Amewo ƒe Ðetsɔleme Tutuɖo le Tɔtrɔyiwo Wɔwɔ Me.” Dzro eme kple nyaselawo. Wɔ wɔwɔfia eve, ɖeka naxɔ aɖabaƒoƒo 3 tsɔ ɖe alesi woate ŋu awɔ mɔnuawo ŋudɔ le tɔtrɔyiwo wɔwɔ mee afia. De dzi ƒo be woadze agbagba adze Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme.
25 min: “Miyi Edzi Miazɔ Yi Ŋgɔ le Ðoɖo Nu.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo tsɔtsɔ dzro emedegbalẽvia mee.
Hadzidzi 96 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme August 22
Hadzidzi 218
5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.
20 min: Aleke Mawɔ Ate Ðe Mawu Ŋu? Ƒomenusɔsrɔ̃ ƒe wɔwɔfia. Dzilawo dzro Young People Ask ƒe agbalẽa ƒe ta 39 lia me nyawo me kple wo vi ƒewuiviwo. Woadzro tanya sue si nye “Wò Xɔlɔ̃dzedze Kple Mawu Me Ʋuʋu le Gaglãgbe” si le axa 315-18 me. Ðeviawo to nyatoƒoe be etena ɖe yewo dzi ne yewo tso ʋutrunu yi ʋutrunu eye wogblɔ le kpekpewo ŋu be nya ɖeka tɔgbe ko wogblɔna eye wodena kabakaba akpa. Dzilawo ɖe nu me na wo dɔmenyotɔe, eye woɖe Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siwo ɖee fia be dɔ siawo wɔwɔ le vevie eye be eya ko hafi woayi edzi anɔ ƒomedodo nyui me kple Yehowa la fia wo.
20 min: Hamemegã ƒe nuƒo le tanya si nye ‘Gbe Alakpagliwo’ ŋu le Gbetakpxɔ, April 1, 1994, axa 29-31. Gblɔ Ŋɔŋlɔawo me susu siwo ta mele be woagbugbɔ anɔ adzetɔwo kple bokɔnɔwo ƒe nuwɔnawo kple ɖaseɖiɖiwo ŋutinyawo gblɔm o la wòadze ƒã. Xlẽ memamã veviwo tsɔ te gbe ɖe nyati veviwo dzii.
Hadzidzi 10 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme August 29
Hadzidzi 199
13 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gblɔ kwasiɖanuwuwu ƒe gbeadziyiɖoɖowo. Bia nya gbeƒãɖela ɖeka alo eve siwo te ŋu wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa alo dzi woƒe dɔ ɖe edzi le subɔsubɔƒea me. Gblɔ dzidzɔ siwo wokpɔ la ƒe ɖewo.
15 min: “Àgate Ŋu Awɔea?” Dzro eme kple nyaselawo. Gblɔ mia gbɔ nuteƒekpɔkpɔwo le alesi ame aɖe gate ŋu ge ɖe mɔɖeɖedɔa me alo le alesi ƒome aɖe wɔ ɖeka kpe ɖe ƒomea me tɔ aɖe ŋu wòwɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋudɔe la ŋu.
17 min: Na Agbe Tegbee ƒe Agbalẽa le September Me. De dzi ƒo be woadze agbagba dzonɔamemetɔe ana agbalẽ sia ahadze nusɔsrɔ̃ gɔme le September me. Woɖee ɖe go le ƒe 1982 me eye wònye dɔwɔnu vevitɔ si wotsɔ le Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔmee va ɖo egbea. Gbedasi sia le esiwo woɖe ɖe go le nutome gã takpekpewo me la me be: “Nusi hiã míatsɔ akpe ɖe ame bubu geɖewo ŋu be mɔkpɔkpɔ si le mía si nanɔ woawo hã si la tututue le nusrɔ̃gbãle yeye sia me. . . . Biblia me nyateƒe vevi siwo katã gɔme wòle be ame yeyewo nase be woatsɔ woƒe agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa ahasubɔe wòadze eŋu la le eme.” Gbeƒãɖelawo ƒe dzidziɖedzi tso 2,652,323 le ƒe 1983 me va ɖo 4,709,889 le ƒe 1993 me ɖe emetsonuawo fia. Na woagblɔ alesi wosrɔ̃ nyateƒea to agbalẽ sia dzi alo alesi wosrɔ̃e kple ame bubuwo tsɔ kpe ɖe wo ŋui. Ne ɣeyiɣia ɖe mɔ la, gblɔ agbalẽa me nya bubu siwo woate ŋu azã ne wole enam.
Hadzidzi 161 kple gbedodoɖa hena kpakpã.