INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/94 axa 1
  • Mawu ƒe Nya la Sẽa Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu ƒe Nya la Sẽa Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Viɖekpɔkpɔ Tso Biblia Xexlẽ Gbesiagbe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nu Si Nàwɔ Be Biblia Naɖe Vi Na Wò Geɖe Wu
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Biblia Xexlẽ—Viɖe Le Eŋu Eye Wòvivina
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Dzi Nedzɔ Wò ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu Vevie
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 11/94 axa 1

Mawu ƒe Nya la Sẽa Ŋu

1 Biblia kpɔ ŋusẽ ɖe ame miliɔn geɖe ƒe agbenɔnɔ dzi vevie. Nya si wògblɔ la ʋãa ame wu nusianu si amegbetɔ te ŋu wɔ. (Heb. 4:12) Kpɔ nusi wòwɔ na mí ɖa. Nyateƒee, asixɔxɔ le eŋu wu agbalẽ bubu ɖesiaɖe.

2 Yehowa Ðasefowoe srɔ̃a Biblia heʋlia eta wu. Ele be míabu Biblia xexlẽ be enye míaƒe gbesiagbe teokrasiɖoɖowɔɖi ƒe akpa vevi aɖe eye míatsɔe aɖo nɔƒe gbãtɔ na television kpɔkpɔ kple modzakaɖeɖe bubuwo katã.

3 Na Wòanye Numãme na Wò: Yehowa ƒe amewo va kpɔ ŋusẽ gã si Biblia xexlẽ edziedzi ate ŋu akpɔ ɖe ame dzi. Ƒe geɖe enye sia si dzesi gã aɖe si woklã ɖe míaƒe agbalẽtaƒe ɖeka ŋu le Brooklyn le eƒom ɖe afimatolawo nu be: “Xlẽ Mawu ƒe Nya Biblia Kɔkɔe la Gbesiagbe.” Wobia tso Betel-ƒomea me tɔ yeyewo si be woaxlẽ Biblia bliboa le woƒe Betel-subɔsubɔ ƒe ƒe gbãtɔ me.

4 Togbɔ be vovo mele ŋuwò o hã la, ɖe nèkplɔ Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖo si wowɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ðoɖowɔɖia me ɖoa? Ne èkpɔ be esia wɔwɔ sesẽ na ye la, nukata màdze agbagba atrɔ asi le wò ɖoɖo ŋu le November me o? Ɣleti bliboa ƒe Biblia xexlẽe nye Psalmo 95-109 si bia be woaxlẽ axa etɔ̃ alo ene kwasiɖa sia kwasiɖa. Ame aɖewo ɖoe be yewoaxlẽ sue aɖe gbesiagbe, ɖewohĩ le ŋdi me alo hafi woamlɔ anyi le zã me. Aleke nèɖawɔe o, nu vevitɔe nye be nàkpɔ viɖe nyui siwo le Mawu ƒe Nya la xexlẽ edziedzi me.

5 Na Biblia le November Me: Ame geɖe gadea bubu Biblia ŋu eye wolɔ̃na be yewoaɖo to ne míele exlẽm. Le November me la, míana New World Translation kple The Bible—God’s Word or Man’s? ƒe agbalẽa. Esia ʋu mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe ɖi be míafia asixɔxɔ si le Biblia ŋu dzi anukwaretɔwo. Dzo nenɔ mewò ɖe ema wɔwɔ ŋu.

6 Dzra nya siwo ŋu nèbu nyuie ɖo le New World Translation ƒe akpa ɖedzesi siwo aʋã amewo be woaxɔe la ŋu. Ƒo nu tso asixɔxɔ nyui si le eŋu la ŋu. Àte ŋu aƒo nu tso tanya siwo le akpa si nye “Bible Topics for Discussion” dometɔ aɖe ŋu ahatsiãe ɖe nu kple The Bible—God’s Word or Man’s? ƒe agbalẽa. Alo àte ŋu afia asixɔxɔ si le Biblia me nyawo diƒe siwo nye axa 92 ŋu ahafia alesi wònaa exlẽla kpɔa mawunyakpukpui nyanyɛwo lae. Gbeƒãɖela aɖewo adi be yewoaƒo nu tso “Emenya Bubuwo” alo “Biblia ƒe Agbalẽ Siwo Woɖo Ðe Ðoɖo Nu” ŋu to alesi wòɖea vi le Biblia sɔsrɔ̃ me ɖeɖefia me.

7 Ðo ŋku edzi nàɖee fia be woŋlɔ New World Translation ɖe egbegbe Eŋlisigbe me si na egɔmesese le bɔbɔe. Ŋɔŋlɔ siwo sɔ be nàtsɔ asɔ kple King James Version tɔ dometɔ aɖewoe nye Korintotɔwo I, 10:25 kple 16:22. New World Translation zã Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, zi 7,210 sɔŋ.

8 Ẽ, Biblia nye Mawu ƒe Nya. Ne míexlẽe, xɔ edzi se, hetsɔ eƒe aɖaŋuɖoɖo wɔ dɔe le míaƒe agbenɔnɔ me la, aɖe vi geɖe na mí. Woŋlɔe be wòafia nu mí ahana mɔkpɔkpɔ mí. (Rom. 15:4) Ele vevie be míaxlẽe gbesiagbe ahanɔ klalo be míazãe atsɔ afia nu ame bubuwo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe