Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le November me: New World Translation of the Holy Scriptures kple agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s? December: Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ. January: Woate ŋu ana axa 416 alo 384 alo 192 ƒe agbalẽ siwo katã ƒe ŋkume biã siwo le hamea si ɖe ₵350 dzi na gbeƒãɖelawo eye ɖe ₵180 dzi na mɔɖelawo alo axa 192-gbalẽ bubu ɖesiaɖe si le nɔnɔme nyui me ɖe woƒe asi ŋutɔŋutɔ dzi. February: Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi. Ele be míatrɔ ayi amesiwo xɔ agbalẽ sia gbɔ adze agbagba adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kpli wo. MIDE DZESII: Hame siwo medɔ gbeadziyigbalẽ siawo haɖe o la nadɔ wo ɖe woƒe “Literature Request Form” (S-14) si woagaɖo ɖa le ɣleti si kplɔe ɖo me la dzi. Agbalẽ xoxo siwo míeyɔ ɖe etame la le Betel.
◼ Agbalẽ Yeye Siwo Li:
Eŋlisigbe: Watchtower Publications Index (1991-93). Twi: Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu (Esi me wogbugbɔ to).
◼ Agbalẽ Siwo Gali:
Eŋlisigbe: Gbetakpɔxɔ bablawo (1964 & 1965). Learn to Read and Write. Gɛgbe: Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ.
◼ Amesiwo bia be yewoazu gbesiagbe mɔɖelawo la megadze egɔme o vaseɖe esime woaxɔ mɔɖegbalẽ tso Habɔbɔa gbɔ hafi. Míele dzi dem ƒo na hamemegãwo be woaɖo gbesiagbe mɔɖelawo ƒe dɔbiagbalẽwo ɖa ɣleti eve teti do ŋgɔ na ŋkeke si dzi woadze egɔme.