Nyabiaɖaka
◼ Aleke wòle be míaɖɔ ŋu ɖo ne míele gbeƒã ɖem le anyigbamamã siwo me afɔku le me?
1 Míele nuvlowɔwɔ, adzotsoame, hadometɔtɔ, kple le ŋkeke siawo me la, gbevovovodolawo dome avuwɔwɔ geɖe ŋu nya sem. Togbɔ be ena míetsia dzi hã la, míenya be anukwaretɔ siwo axɔ Fiaɖuƒegbedasia le teƒe siwo ʋunyaʋunyawɔwɔ le gɔ̃ hã. Eyata ele be míatsɔ dzideƒo ayi dɔ dzi le ɣeyiɣi si sɔ me kple kakaɖedzi be Yehowa akpɔ mía ta.—Lod. 29:25; Tes. I, 2:2.
2 Ne míeyi ɖe teƒe si ŋɔdzi ate ŋu anɔ la, Yehowa kpɔa mɔ be míadze aye ahawɔ susu ŋudɔ nyuie. Nɔ ŋudzɔ. (Lod. 22:3) Gbeƒãɖela kpɔnuteƒewo kpɔe be nunya le eme be woawɔ dɔ eveveve alo le hatsotso siwo me gbeƒãɖela geɖe le me ne nɔnɔmea bia nenema. Nyagblɔla 4:9, 12 gblɔ be: “Ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka . . . ne ame ɖeka kpɔ ŋusẽ ɖe amesi tsi akogo dzi hã la, ame eveawo ya anɔ te ɖe enu.” Zi geɖe la, ame ɖeka si dzi anya dze bɔbɔe ye nuvlowɔlawo dina.
3 Ðɔ ŋu ɖo nyuie wu le gododo le zã me le afisiwo aʋawɔwɔ le. Míagblɔ kpuie be egahiã kokoko be Kristotɔwo nawɔ ɖe Hebritɔwo 10:24, 25 me nyawo dzi eye woade kpekpewo. Ne anya wɔ be miakpe hafi anyigba natsyɔ, le kpɔɖeŋu me, le kwasiɖanuwuwuwo la, anyo ŋutɔ. Ne esia manya wɔ o la, anyo be miazɔ le ha me ne míekpã le kpekpeawo. Mègato afisiwo aʋawɔwɔ le edzi yim le o togbɔ be woanye mɔ kpuiwo ayi wò aƒeme hã. Dze kpekpemɔ kaba ne anya wɔ. Ne nuvlowɔha aɖe zɔ tu wò la, mègahe nya kple wo dometɔ siwo dze abe ɖe wole ŋɔdzi dom na wò alo le nya hem kpli wò ene la o. Eye gblɔe kaba be Yehowa Ðasefoe yenye. Gbeƒãɖela aɖewo tsɔa Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! magazine ɖe asi ɣesiaɣi be woade dzesi yewo kaba.
4 Manyo be woado sikanu xɔasiwo le teƒe dziŋɔwo o. Ne zã ado hafi nàdo la, mègato mɔ siwo dzi amewo mesɔ gbɔ ɖo o. Ne èdze adzodalawo si me eye wònye wò ga alo nunɔamesiwo ko dim wole la, mègagbe etsɔtsɔ na wo o; wò agbe xɔ asi wu wò ŋutilãmenu ɖesiaɖe.—Mar. 8:36.
5 Ele be nɔviŋutsu siwo xɔ ŋgɔ la nanɔ ŋudzɔ le gbeadzi, woƒe ŋkuwo nanɔ gbeƒãɖelawo ŋu le anyigbamamãa me. Enyona wu zi geɖe be woana ƒuƒoƒoawo katã nanɔ nuto ma ke me ale be woate ɖe wo nɔewo ŋu ɣesiaɣi. Ne ʋunyaʋunya alo tɔtɔ aɖe do mo ɖa le nutoa me ko la, ele be ƒuƒoƒoa nadzo le anyigbamamã la me enumake.
6 Ne míele ŋudzɔ heɖɔ ŋu ɖo la, míate ŋu ayi edzi aɖo dzi anukwaretɔwo gbɔ le anyigbamamã dziŋɔwo me eye míayi edzi akpe ta asrɔ̃ Mawu ƒe Nya la le afisiwo ʋunyaʋunyawɔwɔ le edzi yim le.