INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/94 axa 2
  • Gbɔgbɔ Ka Ƒomevie Nèɖena Fiana?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbɔgbɔ Ka Ƒomevie Nèɖena Fiana?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpɔ Gbɔgbɔ Nyui Si Le Hamea Me La Ta
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Gbɔgbɔ Kae Nèɖena Fiana?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • “Mixɔ Dzo Le Gbɔgbɔ La Me”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Ðe Gbeƒã Mawu Ƒe Amenuveve Nya Nyuia Veviedodotɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 11/94 axa 2

Gbɔgbɔ Ka Ƒomevie Nèɖena Fiana?

1 Paulo tsɔ nuxlɔ̃amenya sia ƒo eƒe lɛta si wòŋlɔ na hame si nɔ Filipi tae be: “Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple gbɔgbɔ si mieɖena fiana.” (Fil. 4:23, NW.) Ekafu wo le ɖetsɔleme vavã si le wo me ɖe gbeƒãɖeɖe nyanyuia ŋu kpakple dzonɔameme kple lɔlɔ̃ ƒe didi si le wo me ɖe wo nɔewo ƒe nyonyo ŋu la ta.—Fil. 1:3-5; 4:15, 16.

2 Ele be wòanye míaƒe didi be míaɖe gbɔgbɔ ma ke afia le míaƒe hamea me. Ne amesiame ɖe dzonɔameme, tufafa, kple amedzrowɔwɔ fia la, esia na gbɔgbɔ aɖe nɔa anyi si dzena na amesiwo kpɔa mí. Ðekawɔwɔ kple gbɔgbɔmetsitsi tsoa gbɔgbɔ nyui si me lɔlɔ̃ le ɖeɖefia me. (Kor. I, 1:10) Gbɔgbɔ manyomanyo hea dziɖeleameƒo kple nuwɔwɔ dzi afãfã vɛ.—Nyaɖ. 3:15, 16.

3 Hamemegãwo Xɔa Ŋgɔ: Agba le hamemegãwo dzi be woana gbɔgbɔ nyui ɖɔʋu nanɔ wo nɔewo kple hame si me wole la dome. Nukata? Elabena woƒe nuwɔna kple nɔnɔme ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe hamea dzi. Edzɔa dzi na mí ne hamemegã siwo le mía si tsɔa dzo ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu, wonye amesiwo tsɔa alɔgbɔnukoko vividoɖeameŋutɔe kple akɔfanyawo doa gbe na mí, eye dzideƒo nɔa woƒe aɖaŋuɖoɖo me eye wotua ame ɖo, eɖanye ame ɖekaɖekawoe woɖoe na alo nuƒolanɔƒeae woɖoe le o.—Heb. 13:7.

4 Gake ele be mí katã míawɔ míaƒe akpa dzi be xɔlɔ̃wɔwɔ, amedzrowɔwɔ, kple dzo nanɔ hamea me eye míaƒe susu nanɔ gbɔgbɔmenuwo ŋu. Mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu aɖe vividoɖeameŋu kple lɔlɔ̃ afia le míaƒe hadede kple ame bubuwo me. (Kor. I, 16:14) Mele be ƒe si ame aɖe xɔ, ameƒomevinyenye, sukudede, alo ganyawo nade mamã aɖeke mía dome o. (Tsɔe sɔ kple Efesotɔwo 2:21.) Le mɔkpɔkpɔ si le mía si ta míate ŋu aɖe dzidzɔ, amedzrowɔwɔ dɔmenyotɔe, kple dzonɔameme le subɔsubɔdɔa me afia.—Rom. 12:13; Kol. 3:22, 23.

5 Ele be míana amesiwo katã dea ha kpli mí, ame yeyewo hã le eme, ƒe dzi nadze eme eye woakpɔ lɔlɔ̃ kple ɖokuitsɔtsɔna si le nɔviawo dome. Míetoa míaƒe subɔsubɔdɔa kple Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ɖeɖefia me na wòdzena be hamea nye “nyateƒe ƒe sɔti kple gɔmeɖoɖoanyi sesĩ.” (Tim. I, 3:15) “Mawu ƒe ŋutifafa” si dzɔa míaƒe dziwo kple tamesusuwo ŋu na míenɔa dedie le gbɔgbɔ me hã. (Fil. 4:6, 7) Mina mí katã míaʋli sesĩe aɖe gbɔgbɔ si ƒomevi ana kakaɖedzi mí be Yehowa ƒe amenuveve si míedze na o to Aƒetɔ Yesu Kristo dzi anɔ mía dzi la afia.—Tim. II, 4:22.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe