Kpɔɖeŋu si Wòle Be Míasrɔ̃ Nyuie
1 Ðikeke mele eme o be Yesue nye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ. Eɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi na eƒe nusrɔ̃lawo. Togbɔ be míate ŋu aɖo eƒe blibonyenye ƒe dzidzenua gbɔ o hã la, wode dzi ƒo na mí be ‘míadze eƒe afɔɖoƒewo yome.’ (Pet. I, 2:21) Ele be wòanye míaƒe didi be míanɔ abe Yesu ene alesi míate ŋui ahagblɔ nyateƒea na ame bubuwo veviedodotɔe.
2 Menye gbeƒãɖela ko Yesu nye o; enye nufiala gã aɖe hã. “Kuvia ɖo amehawo le eƒe nufiafia la ŋuti.” (Mat. 7:28) Nukatae wòbi nenema gbegbe? Mina míalé ŋku ɖe eƒe “nufiafia” ŋuti nyuie akpɔ.
3 Alesi Míawɔ Asrɔ̃ Yesu: Yesu Fofoe fia nui. (Yoh. 8:28) Eƒe taɖodzinue nye be yeade bubu Yehowa ŋu ahakafu Eƒe ŋkɔ. (Yoh. 17:4, 26) Le míaƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me la, ele be míaƒe taɖodzinu nanye be míade bubu Yehowa ŋu ke menye be míahe susu ava mía ɖokui dzi o.
4 Yesu tu eƒe nufiafiawo katã ɖe Mawu ƒe Nya la dzi. Eyɔa nya tso nusiwo woŋlɔ ɖi le Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me la me enuenu. (Mat. 4:4, 7; 19:4; 22:31) Míedi be míahe míaƒe nyaselawo ƒe susu ayi Biblia dzi; míetoa esia dzi na wokpɔnɛ be agbalẽ vevitɔ kekeake dzie míetu míaƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia ɖo.
5 Yesu zã nya kpui siwo sɔ eye wo gɔme nya sena. Le kpɔɖeŋu me, esi wònɔ alesi míawɔ akpɔ Mawu ƒe tsɔtsɔke me ɖem la, ede dzi ƒo na mí be mía ŋutɔwo míatsɔ ake ame bubuwo. (Mat. 6:14, 15) Ele be míadze agbagba atsɔ nya bɔbɔe siwo gɔme nya sena agblɔ Fiaɖuƒegbedasi lae.
6 Yesu zã kpɔɖeŋuwo kple nyabiabiawo aɖaŋutɔe tsɔ na ame bubuwo bu tame. (Mat. 13:34, 35; 22:20-22) Gbesiagbenudzɔdzɔwo ƒe kpɔɖeŋuwo ate ŋu ana amewo nase Biblia me nufiafia sesẽwo gɔme. Ele be míabia nya siwo ana míaƒe nyaselawo nabu tame le nya si sem wole la ŋu. Biabia siwo fiaa nu ame ate ŋu akpe ɖe wo ŋu gɔmesese nyuitɔ nasu wo si.
7 Yesu gbɔ dzi ɖi ɖe nya sesẽwo me na amesiwo bia numeɖeɖe yi ŋgɔ. Ðetsɔlemetɔ vavãwo, abe eƒe nusrɔ̃lawo ene, te ŋu se nusi Yesu fia la gɔme. (Mat. 13:36) Nenema ke wòle be míakpe ɖe amewo ŋui ne wobia nyawo tso dzi me. Ne míenya ŋuɖoɖoawo o la, míate ŋu aku nu me le nya la ŋu ahatrɔ ayi emegbe ava ɖe eme.
8 Yesu zã nuwɔna tsɔ fia nui. Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖee nye alesi wòklɔ eƒe nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo, togbɔ be woƒe Aƒetɔe wònye hã. (Yoh. 13:2-16) Ne míeɖe ɖokuibɔbɔ fia la, aʋã amesiwo míele nu fiamee la be woatsɔ nusi srɔ̃m wole la awɔ dɔe.
9 Yesu ʋã amewo ƒe dzi hena wolɔ̃ dzɔdzɔenyenye. Míawo hã míedi be míaɖo amewo ƒe dzi gbɔ. Míedzea agbagba be míaʋã ameƒomea katã ƒe dzɔdzɔmedidi be woade ta agu na amesi kɔ wu ahanɔ agbe kple ame bubuwo le ŋutifafa kple dzidzɔ me.
10 Míate ŋu agblɔ nusiwo míesrɔ̃ le Yesu ŋu na ame bubuwo le December me to Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ ƒe agbalẽa nana me. Yesu ƒe nufiafia ƒe nɔnɔme siwo míasrɔ̃ la aʋã anukwaretɔwo be woaɖo to ne míele nusiwo wòfia la gblɔm na wo.—Mat. 10:40.