INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/94 axa 2
  • Ðe Miaƒe Nusrɔ̃ɣiwo Atrɔa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Miaƒe Nusrɔ̃ɣiwo Atrɔa?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpekpewo Yiyi—Míaƒe Agbanɔamedzi Vevie Wònye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Ðe Ame Bubuwo Ŋu Bubu Fia—Akpa 1
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Hame Ƒe Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Kpekpe Siwo ‘Doa Ŋusẽ Ame Na Lɔlɔ̃ Kple Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ’
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 12/94 axa 2

Ðe Miaƒe Nusrɔ̃ɣiwo Atrɔa?

Le afisiwo hame geɖe zãa Fiaɖuƒe Akpata ɖeka le la, ɖewohĩ anyo be woawɔ ɖoɖo aɖɔ li nusrɔ̃ɣiwo alo atrɔ asi le wo ŋu ƒe sia ƒe. Gake ele be woawɔe be nuwo magade hame ɖeka ko dzi ɣesiaɣi o. (Tsɔe sɔ kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, September 1976, ƒe axa 6 me nyawo.) Le kpɔɖeŋu me, ne mieɖoe be nusrɔ̃ɣiawo ɖɔliɖɔli nadze egɔme tso January ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, lɔlɔ̃ faa akpe asi ɖe ɖoɖo sia ŋu aɖe havilɔlɔ̃ kple nugɔmesese na ame nɔewo afia. Zi geɖe la, nusrɔ̃ɣiawo tɔtrɔ ade mia ŋutɔ dzi, awɔe be kpekpewo dede nasɔ na mi wu.

Le go bubu me la, ɖewohĩ tɔtrɔawo masɔ ɖe wò dɔwɔɖoɖowo nu tututu o. Ate ŋu abia be nàtrɔ asi le wò dɔwɔnawo ŋu si ɖewohĩ masɔ ɖe edzi boo o. Ne amesiame lɔ̃ kpe asi ɖe eŋu la, efia be wokpɔ ŋudzedze ɖe ɖoɖo bliboa katã ŋu, si ana ɖekawɔwɔ nanɔ amesiwo katã ŋu wòku ɖo la dome.

Anɔ eme be nusrɔ̃ɣi siwo woagaɖɔ li la asɔ na wò wu. Gake do ŋgɔ la, míele dzi dem ƒo na wò be wò ŋutɔ nàwɔ asitɔtrɔ siwo katã hiã la be nàte ŋu ade kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe kpekpewo katã le ɖoɖo si dzi hamea da asi ɖo nu. Ʋli be hakpala Dawid ƒe nukpɔsusu nanɔ asiwò, amesi gblɔ be: “Dzi dzɔm, esime wogblɔ nam be: Mina míayi Yehowa ƒe me.”—Ps. 122:1.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe