Teokrasi Nyadzɔdzɔwo
Albania: Wokpɔ gbeƒãɖela 353 ƒe agbɔsɔsɔ yeye le July me, kpakple magazinenana ƒe agbɔsɔsɔ yeye hã. Hamea me gbeƒãɖelawo zã gaƒoƒo 22.4 le gbeadzi le mamã dedie nu eye wowɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ 1,073.
Cameroon: Woɖo alɔdzedɔwɔƒe yeye le July me, eye esia do go ɖe woƒe gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye si nye 21,323 nu.
Greenland: Gbeƒãɖela siwo bu gbeadzisubɔsubɔdɔa ƒe akɔnta ƒe xexlẽme ɖo 134 le July me. Esia nye agbɔsɔsɔ yeye.
Zaire: Togbɔ be wole nɔnɔme sesẽwo me tom esi sitsoƒedila akpe alafa geɖe le Zaire vam hã la, wokpɔ gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye si nye 83,442 le July me. Nɔviawo dze agbagba si dze kafukafu le kpekpe ɖe wo nɔewo ŋu me, eye wogblɔ be yewokpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋununana siwo tso duta ŋu ŋutɔ.