Dɔ Geɖe Li Ɣesiaɣi
1 Yehowa ƒe amewo nɔa dɔ wɔwɔ dzi ɖaa. Agba geɖe le mía dzi le míaƒe ƒomewo me, le dɔ me, kple le suku. Eye ƒo ye katã ta la, ‘geɖe li míawɔ le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me’ ɣesiaɣi. (Kor. I, 15:58) Ele be míadzra ɖo ahade hame ƒe kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe kpekpewo. Wode dzi ƒo na mí be mele be kwasiɖa aɖeke nava yi si míakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me o. Ele be míaɖo ɣeyiɣi si sɔ ɖi ɖe ɖokuisi kple ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ ŋu edziedzi. Dɔ geɖe le hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo dzi le hamea me. Wobiana tso mía si ɣeaɖewoɣi be míakpe ɖe amesiwo hiã tu eye wodze la ŋu.
2 Ɣeaɖewoɣi la, mía dometɔ aɖewo míase le mía ɖokui me be dɔ gbogbo siwo katã wòle be míawɔ la wu tsɔtsɔ na mí. Gake amesiwo mevo kura o ate ŋu anɔ amesiwo kpɔa dzidzɔ wu la dome ne nukpɔsusu nyui si da sɔ le wo si.—Nyagb. 3:12, 13.
3 Dɔ geɖe nɔ apostolo Paulo ŋu. Esi wònɔ ŋutilãmedɔ wɔm abe avɔgbadɔwɔla ene tsɔ nɔ eya ŋutɔ ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔm la, ewɔ dɔ vevie hã ɖe apostolo bubuawo ta. Enye nyanyuigblɔla si wɔ dɔ madzudzɔmadzudzɔe, eɖe gbeƒã le gaglãgbe kple tso aƒeme yi aƒeme, eye megblẽ agba si nɔ edzi abe alẽha la kplɔla ene ɖi o. (Dɔw. 20:20, 21, 31, 34, 35) Togbɔ be dɔ geɖe nɔ Paulo ŋu hã la, edi vevie ɣesiaɣi be yeawɔ geɖe le Yehowa ƒe subɔsubɔ me.—Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 1:13-15.
4 Paulo yi edzi wɔ nu le ɖoɖo nu eye dzi kpɔdzidzɔ nɔ esi le esi wòɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòado ŋusẽ ye ta. Ekpɔe be teƒeɖoɖo kple dzidzeme le yeƒe subɔsubɔdɔa me. (Fil. 4:13) Enya be Mawu maŋlɔ yeƒe dɔwɔwɔ be o. (Heb. 6:10) Dzidzɔ si tsoa kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu be woanya Yehowa me la do ŋusẽe. (Tes. I, 2:19, 20) Kakaɖedzi si nɔ esi be yeƒe mɔkpɔkpɔ si nɔ te ɖe Biblia dzi asu ye si godoo la ʋãe wòwɔ dɔ sesĩe.—Heb. 6:11.
5 Ele be míawo hã míabu nu nyui siwo míaƒe agbagbadzedzewo hena vɛ ŋu. Míaƒe kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe kpekpewo dede kple gomekpɔkpɔ le wo me tua ame bubuwo ɖo hedea dzi ƒo na wo. (Heb. 10:24, 25) Agbagba siwo míedzena vevie be míatsɔ nyanyuia ayi na amewo katã wɔnɛ be hamea yia ŋgɔ, elabena míetua ɖetsɔleme ɖo ɖe ame yeyewo me eye wodea ha kpli mí. (Yoh. 15:8) Kpekpe ɖe amesiwo hiã tu ŋu dea ɖekawɔgbɔgbɔ hamea me abe ƒome ene. (Yak. 1:27) Hekpe ɖe eŋu la, abe Paulo ene la, mele be míaŋlɔ be gbeɖe o be dɔ ɖeviwo wɔwɔ veviedodotɔe dzea Yehowa Mawu ŋu nyuie. Míebunɛ be enye mɔnukpɔkpɔ gã be míasubɔe. Le mía gome la, mɔ bubu aɖeke meli si nu míanɔ agbe ɖo tsɔ wu esia o!
6 Viɖe bubuwo gale dɔ geɖe wɔwɔ me. Ne míaƒe ŋku biã ɖe gbɔgbɔmedɔwo wɔwɔ ɖe ɖoɖo nu ŋu la, edzena abe ɖe ɣeyiɣiawo va yina kabakaba wu ene. Esi míekpɔe dze sii be ŋkeke ɖesiaɖe si va yina nana míetena ɖe xexeme yeyea ŋu wu ta la, míelɔ̃ faa be míayi edzi anɔ agbe si míele fifia, si me dɔ geɖe kple tameɖoɖo le. Míekpɔe hã be nunya le eme be dɔ geɖe nanɔ mía si, si awɔe be vovo manɔ mía ŋu míaƒo mía ɖokui ɖe ŋutilãmenu ƒuƒluwo didi me o.—Ef. 5:15, 16.
7 Ẽ, dɔ geɖe li míawɔ le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me. Gake míate ŋu akpɔ dzidzɔ ne míeyi edzi ɖo ŋu ɖe Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ŋu, amesiwo naa dzidzeme kple teƒeɖoɖo mí le míaƒe subɔsubɔdɔa me.—Mat. 11:28-30; Yoh. I, 5:3.