Mègaɖe Dzi Le Ðokuiwò Ƒo O—Wɔ Avu Kple Vovomanɔameŋu
1. Nu ka tae ame aɖewo ƒoa asa na Biblia nusɔsrɔ̃ dodo ɖe amewo gbɔ?
1 Ame aɖewo ƒoa asa na Biblia nusɔsrɔ̃ dodo ɖe amewo gbɔ le esi vovo mele wo ŋu o ta. Beléle na Biblia nusrɔ̃vi xɔa ɣeyiɣi. Ehiã ɣeyiɣi be woadzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu, woakpɔ edzi, eye woakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòaɖu mɔxenuwo dzi. Apostolo Paulo gblɔ be yetsɔ yeƒe luʋɔ ɖo anyi be yeakpe ɖe ame siwo le Tesalonika la ŋu woava nya Yehowa. (1 Tes. 2:7, 8) Aleke míate ŋu awɔ anɔ Biblia srɔ̃m kple ame aɖe ne vovo menɔa mía ŋu o gɔ̃ hã?
2. Aleke lɔlɔ̃ na Yehowa kpɔa ŋusẽ ɖe ale si míezãa míaƒe ɣeyiɣii dzi?
2 Yehowa Subɔsubɔ Biaa Ɣeyiɣi: Nyateƒea koe nye be mawusubɔsubɔ biaa ɣeyiɣi. Le kpɔɖeŋu me, míezãa ɣeyiɣi edziedzi tsɔ dea kpekpeawo, kpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me, xlẽa Biblia hedoa gbe ɖa. Enyea dzidzɔ na srɔ̃tɔ si ŋu vovo mele o la be wòadi ɣeyiɣi anɔ srɔ̃a gbɔ. Esi míelɔ̃ Yehowa ta la, aleke gbegbe wòle vevie wu be ‘míaƒle ɣeyiɣi si sɔ’ la atsɔ asubɔe enye esi. (Ef. 5:15-17; 1 Yoh. 5:3) Le Yesu ƒe nya nu la, nusrɔ̃lawɔwɔdɔa nye míaƒe tadedeagua ƒe akpa vevi aɖe. (Mat. 28:19, 20) Ŋugbledede le esia ŋu akpe ɖe mía ŋu be míagahe ɖe megbe le Biblia sɔsrɔ̃ kple amewo ƒe agbanɔamedzia tsɔtsɔ ŋu o.
3. Aleke míate ŋu alé be na Biblia nusrɔ̃vi aɖe ne nɔnɔme aɖewo va gblẽa míaƒe gbeadziyiɖoɖowo me kura gɔ̃ hã?
3 Gake ne dɔwɔɖui, lãmesẽkuxi siwo nu metsona o, alo teokrasidɔ aɖewoe gblẽa wò gbeadziyiɖoɖowo me ya ɖe? Gbeƒãɖela aɖewo siwo zɔa mɔ ɣeaɖewoɣi la srɔ̃a Biblia kple woƒe nusrɔ̃viwo le telefon alo kɔmpiuta dzi. Ame siwo ƒe lãmesẽkuxi gblẽa woƒe gbeadziyiɖoɖowo me la wɔa ɖoɖo be nusrɔ̃viawo nava yewoƒe aƒe me ne yewoasrɔ̃ nua kpli wo. Nɔvi aɖewo wɔ ɖoɖo be gbeƒãɖela aɖe si léa fɔ ɖe dɔ ŋu la nasrɔ̃ nu kple woƒe Biblia nusrɔ̃via ne woawo ŋutɔwo meli ayi egbɔ o.
4. Yayra kawoe dona tso Biblia sɔsrɔ̃ kple amewo me?
4 Paulo kpɔ dzidzɔ geɖe esi wòzã eƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ tsɔ kpe ɖe amewo ŋu wosrɔ̃ nyateƒea. (Dɔw. 20:35) Esi wòde ŋugble le ame siwo katã ŋu wòte ŋu kpe ɖo le Tesalonika ŋu la, eʋãe wòda akpe na Yehowa. (1 Tes. 1:2) Míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme geɖe wu le míaƒe subɔsubɔdɔa me ne míeɖe mɔ vovomanɔameŋu xe mɔ ɖe míaƒe gomekpɔkpɔ le Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ dɔa me nu o.