Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le March me: Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! April kple May: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔwo xɔxɔ. June: Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? Ne ema meli o la, mina agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s? alo axa 192 ƒe agbalẽ bubu ɖesiaɖe.
◼ Zimenɔla alo amesi wòtia la nato hamea ƒe gakɔnta me le March 1 dzi alo emegbe kpuie. Miɖe gbeƒãe na hamea ne miewɔ esia vɔ.
◼ Wogblɔna le ƒe sia ƒe ƒe February Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me be agbalẽŋlɔla kple subɔsubɔdɔdzikpɔla “nadzro gbesiagbe mɔɖelawo katã ƒe dɔwɔwɔ me.” Dzikpɔla mɔzɔlawo ka nya ta be womewɔa esia le hame geɖe me o. Míetsɔ esia le ŋku ɖom edzi na agbalẽŋlɔla kple subɔsubɔdɔdzikpɔla be woawɔ nenema kaba.
◼ Míaɖu Ŋkuɖodzia le April 14 lia dzi le ɣeɖoto megbe. Midzra ɖo ɖe ŋkuɖoɖo Yesu ƒe kua dzi ŋu nyuie.