INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/95 axa 2
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Zã Traktwo Nàtsɔ Akaka Nya Nyuia
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Ðo Ŋku Edzi Nàzã Agbalẽ Gbadzawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Wɔ Míaƒe Magazinewo Ŋudɔ Nyuie Alesi Dze
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Traktwo Zazã be Viɖe Nado tso Wo Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 3/95 axa 2

Nyabiaɖaka

◼ Beléle kae wòle be míatsɔ na dɔwɔnu siwo míezãna le ɖaseɖiɖidɔa me?

1 Togbɔ be Ŋɔŋlɔawo me nyawo gbɔgblɔ si sɔ anɔ susu me na gbeƒãɖela hã la, ate ŋu ava eme be madzra ɖo nyuie le dɔwɔnu siwo wòzãna ya gome o. Ne eyi amea gbɔ la, ɖewohĩ agbalẽnunana yeyea manɔ esi o. Ðewohĩ magazine, agbalẽ gbadza, kple trakt siwo le gbeadzidekplo me la ŋlɔ alo woƒe afi aɖewo vuvu. Ðewohĩ adi nuŋlɔti alo aƒeme yi aƒeme nuŋlɔɖigbalẽvi do kpoe le esi meɖo nuwo nyuie ɖe eƒe akploa me o ta. Ele vevie be nàlé ŋku ɖe dɔwɔnu siwo nèzãna ŋu nyuie hafi adze gbeadzisubɔsubɔdɔa gɔme.

2 Nukawoe le be wòanɔ gbeadzidekplo si me nuwo sɔ gbe ɖo nyuie me? Ele vevie be Biblia nenɔ eme. De aƒeme yi aƒeme nuŋlɔɖigbalẽviwo hã eme. Kpɔ egbɔ be agbalẽ si nam míele le ɣletia me le asiwò. Magazine yeyewo agbɔsɔsɔme aɖe, kple trakt kpakple agbalẽ gbadzawo, hã hiã. Tsɔ Reasoning-gbalẽa hã ɖe asi. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ yeyetɔ tsɔtsɔ ɖe asi akpe ɖe ŋuwò be nàto nyawo gbɔgblɔ mɔnu siwo ƒe aɖaŋu woɖo la me hafi aɖo ʋɔtrua nu. Ne èle dɔ wɔm le anyigbamamã si me wòanɔ eme be nàdo go dutagbedolawo la, anyo be nàtsɔ agbalẽvi si nye Good News for All Nations ɖe asi. Míaƒe agbalẽ siwo ŋu wotrɔ asi le na sɔhɛwo tsɔtsɔ ɖe asi akpe ɖe ŋuwò be nàdzra ɖo aƒo nu na ƒewuiviwo.

3 Ele be nàɖo nusianu si nàzã ɖe ɖoɖo nu nyuie ɖe wò akploa me. Mehiã be akploa ŋutɔ nanye akplo yeye o, gake ele be eŋu nakɔ eye wòanɔ nɔnɔme nyui me. Dɔwɔnu siwo nèzãna tsɔ gblɔa nyanyuia ƒe ɖee wò gbeadzidekploa nye. Na wòanɔ ɖoɖo nyui nu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe